Dɔwɔwɔwo 7:1-60
7 Gake nunɔlagã la gblɔ be: “Nya siawo le emea?”
2 Egblɔ be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, kple fofowo, miɖo to. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham esime wònɔ Mesopotamia, hafi wòva ʋu yi Xaran,
3 eye wògblɔ nɛ be, ‘Ʋu tso wò anyigba dzi kple ƒowòmetɔwo gbɔ, eye nàyi anyigba, si mafia wò la dzi.’
4 Ale wòdzo le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi va nɔ Xaran. Eye le fofoa ƒe ku megbe la, Mawu gblɔ nɛ be wòaʋu le afi ma hã ayi anyigba sia, si dzi miele fifia la dzi.
5 Ke hã, mena domenyinu aɖekee le edzi o, ao, mena afɔ ɖeka ƒe kekeme teti hãe o; gake edo ŋugbe be yeatsɔe anae wòazu eƒe nunɔamesi, eye le emegbe la, yeatsɔe ana eƒe dzidzimeviwo, evɔ vi aɖeke menɔ esi ɣemaɣi o.
6 Gawu la, Mawu gblɔ tso esia ŋu be, eƒe dzidzimeviwo anye amedzrowo le dzronyigba dzi, eye dukɔ la awɔ wo kluviwoe, eye woawɔ fu wo ƒe alafa ene.
7 Mawu gblɔ be, ‘Eye madrɔ̃ ʋɔnu dukɔ ma si woanye kluviwo na la, eye le nu siawo megbe la, woadzo, eye woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe nam le teƒe sia.’
8 “Ena aʋatsotso ƒe nubabla hãe; eye ale wòva dzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe, eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi ƒome wuieveawo ƒe tɔgbuiwo.
9 Eye ƒomeawo ƒe tɔgbuiawo ʋã ŋu Yosef, eye wodzrae ɖe Egipte. Gake Mawu nɔ kplii,
10 eye wòɖee tso eƒe xaxawo katã me, eye wòkɔ dɔme ɖe eŋu hena nunyae le Egipte fia Farao ŋkume. Eye wòɖoe dziɖulagã ɖe Egipte kple eƒe aƒe blibo la katã dzi.
11 Gake dɔ va to le Egipte blibo la katã kple Kanaan, xaxa gã aɖe ŋutɔe wònye; eye mía tɔgbuiwo menɔ nuɖuɖu aɖeke kpɔm o.
12 Ke Yakob se be nuɖuɖu nɔ Egipte, eye wòdɔ mía tɔgbuiwo ɖa zi gbãtɔ.
13 Eye le yiyi zi evelia me la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo; eye Farao se nu tso Yosef ƒe ƒome blibo la ŋu.
14 Ale Yosef dɔ woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒe ƒometɔwo katã tso afi ma vae, woƒe xexlẽme nye luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃.
15 Yakob ʋu yi Egipte. Eye wòku; eye mía tɔgbuiwo hã ku,
16 eye wokɔ wo yi Sixem, eye wotsɔ wo mlɔ yɔdo, si Abraham tsɔ klosaloga ƒle le Xemor viwo si le Sixem, la me.
17 “Esi ɣeyiɣi la nɔ gogom, be ŋugbe si Mawu do eme kɔ kɔtɛ na Abraham la nava eme la, dukɔ la tsi hedzi ɖe edzi le Egipte,
18 va se ɖe esime fia bubu aɖe va tsi tsitre le Egipte, si menya Yosef o.
19 Ame sia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wòzi vifofowo dzi madzemadzee be woagblẽ woƒe vidzĩwo ɖi, ne woagatsi agbe o.
20 Ɣemaɣi tututue wodzi Mose, eye wòdze ɖeka ŋutɔ le Mawu ŋkume. Eye wonyii le fofoa ƒe aƒe me ɣleti etɔ̃.
21 Gake esi wogblẽe ɖi la, Farao ƒe vinyɔnuvi va kɔe, eye wòhee abe ye ŋutɔ via ene.
22 Ale wofia Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã Mose. Nyateƒee, esẽ ŋu le eƒe nyawo kple nuwɔnawo me.
23 “Ke esi wòyina eƒe ƒe blaenelia xɔ ge la, eva dzi me nɛ be yeayi aɖakpɔ ye nɔviwo, siwo nye Israel viwo, ɖa.
24 Eye esi eƒe ŋku kli ame aɖe si ŋu wonɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo la, eʋli eta, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ame si ŋu wonɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo la nu, esi wòwu Egiptetɔ la.
25 Enɔ susum be ye nɔviwo ase egɔme be Mawu nɔ ɖeɖe nam wo to yeƒe asi dzi, gake womese egɔme nenema o.
26 Eye le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, eva do ɖe wo dzi esime wonɔ kɔ dam, eye wòdze agbagba be yeadzra wo dome ɖo be ŋutifafa nava aƒe, hegblɔ be, ‘Ŋutsuwo, nɔviwoe mienyee! Nu ka tae miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?’
27 Gake ame si nɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe nɔvia ŋu la tu asii ɖa gblɔ be, ‘Ame kae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu?
28 Èdi be yeawu nye hã, abe ale si nèwu Egiptetɔ la etsɔ ene, menye nenemae oa?’
29 Esi Mose se nya sia la, esi, eye wòva zu amedzro le Midian nyigba dzi, afi si wòdzi ŋutsuvi eve le.
30 “Eye le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le Sinai To la ƒe gbedadaƒo, le ŋuve aɖe si le bibim ƒe dzo ƒe aɖe me.
31 Ke esi Mose kpɔe la, eƒe mo wɔ yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti. Ke esi wònɔ tetem ɖe eŋu be yealé ŋku ɖe eŋu nyuie la, Yehowa ƒe gbe va be:
32 ‘Nyee nye tɔgbuiwòwo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kpakple Yakob ƒe Mawu.’ Esi Mose nɔ dzodzom nyanyanya ta la, meke atse be yeagalé ŋku ɖe eŋu nyuie o.
33 Yehowa gblɔ nɛ be, ‘Ðe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nètsi tsitre ɖo la, anyigba kɔkɔe wònye.
34 Ɛ̃, mekpɔ nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole ɖe nye dukɔ ŋu le Egipte la, eye mese woƒe hũɖeɖe, eye meɖi va be maxɔ na wo. Azɔ va, ne madɔ wò ɖe Egipte.’
35 Mose sia si gbɔ wogbe nu le gblɔ be, ‘Ame kae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃lae?’ la, ame siae Mawu to eƒe dɔla si ɖe eɖokui fiae le ŋuve la me ƒe asi dzi ɖo ɖa abe dziɖula kple ɖela ene.
36 Ŋutsu sia kplɔ wo do goe esi wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte kple Ƒu Dzĩ la me kpakple gbedadaƒo hena ƒe blaene megbe.
37 “Mose siae gblɔ na Israel viwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe nado tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene.’
38 Eyae nye ame si nɔ hame la dome le gbedadaƒo hekpe ɖe mawudɔla si ƒo nu kplii le Sinai Toa dzi la ŋu, eye wòƒo nu kple mía tɔgbuiwo hã, eye wòxɔ gbedeasi kɔkɔe si nɔa anyi ɖaa la be yeatsɔ ana mi.
39 Mía tɔgbuiwo gbe toɖoɖoe, eye wotu asii ɖa, eye le woƒe dzi me la, wotrɔ yi Egipte,
40 esime wogblɔ na Aron be, ‘Wɔ mawuwo na mí, ne woadze mía ŋgɔ. Elabena Mose sia, si kplɔ mí tso Egipte nyigba dzi la, míenya nu si dzɔ ɖe edzi o.’
41 Ale wowɔ nyivi le ŋkeke mawo me, eye wome nu na legba la, eye wote dzidzɔdodo na wo ɖokuiwo le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.
42 Ale Mawu trɔ, eye wòɖe asi le wo ŋu, be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na dziƒonuwo, abe ale si woŋlɔe ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽa me ene be: ‘Oo, Israel ƒe aƒe, menye nyee miewu lãwo na hesa vɔ na ƒe blaene le gbedadaƒo o ɖe, alo?
43 Ke boŋ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfa ƒe ɣletivi si miekɔ, siwo ƒe nɔnɔme miewɔ be miasubɔ, lae. Eya ta keke Babilon godo kee manya mi aɖo ɖo.’
44 “Ðaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía tɔgbuiwo si le gbedadaƒo, abe ale si wòde eƒe se esime wònɔ nu ƒom na Mose ene, be wòawɔe ɖe kpɔɖeŋu si wòkpɔ la nu.
45 Eye mía tɔgbui siwo nyi eƒe dome la, hã kple Yosua kɔe ɖe asi yi anyigba, si nye dukɔ siwo Mawu tu asii ɖa le mía tɔgbuiwo ŋgɔ tɔ, la dzi. Enɔ afi sia va se ɖe David ƒe ŋkekeawo me.
46 Ekpɔ amenuveve le Mawu ŋkume, eye wòbia be woana mɔnukpɔkpɔ ye yeatu nɔƒe na Yakob ƒe Mawu la.
47 Ke hã, Salomo ye tu xɔ nɛ.
48 Gake Dziƒoʋĩtɔ la menɔa aƒe siwo wotsɔ asi tso la me o, abe ale si nyagblɔɖila la gblɔe ene be:
49 ‘Yehowa be: Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevi tu gee miele nam? Alo afi kae nye nye gbɔɖemeƒe?
50 Nye asie wɔ nu siawo katã, menye nenemae oa?’
51 “Mi kɔlialiatɔwo kple ame siwo ƒe dzi kple to wometso aʋa na o, miele tsitre tsim ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣi; ale si mia tɔgbuiwo wɔ la, nenema kee miewɔna.
52 Nyagblɔɖilawo dometɔ ka yomee mia tɔgbuiwo meti o? Ɛ̃, wowu ame siwo ɖe gbeƒã do ŋgɔ tso Ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋu, ame si miawo miede asi hewu azɔ,
53 mi ame siwo xɔ Se si wona to mawudɔlawo dzi la, gake mielé eme ɖe asi o.”
54 Ke esi wose nya siawo la, dzi ku wo vevie, eye wote aɖukliɖuɖu ɖe eŋu.
55 Gake eya la, esi gbɔgbɔ kɔkɔe yɔe fũu la, ekpɔ dziƒo gãa, eye eƒe ŋku kli Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu wònɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me,
56 eye wògblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.”
57 Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ asi xe tome, eye wo katã wolũ ɖe edzi enumake.
58 Eye esi wotutui do goe le dua me vɔ la, wote kpeƒuƒui. Eye ɖasefoawo ɖe woƒe awudziwuiwo da ɖe ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saul ƒe afɔ nu.
59 Eye woyi edzi nɔ kpe ƒum Stefano esime wònɔ kuku ɖem be: “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la.”
60 Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ be: “Yehowa, mègabu nu vɔ̃ sia na wo o.” Eye esi wògblɔ nya siawo vɔ la, edɔ alɔ̃ le ku me.