Dɔwɔwɔwo 3:1-26
3 Ke Petro kple Yohanes nɔ gbedoxɔa me yim hena gbedodoɖa ƒe ɣeyiɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia*,
2 eye wokɔ ŋutsu aɖe si nye atatututɔ tso dadaa ƒe dɔ me la va yina, eye wokɔnɛ dana ɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtru si woyɔna be Ʋɔtru Dzeani la gbɔ gbe sia gbe, bene wòabia nu ame siwo gena ɖe gbedoxɔa me la.
3 Esi eƒe ŋku kli Petro kple Yohanes wonɔ gegem ɖe gbedoxɔa me la, ede asi wo biabia me be woakpɔ nublanui ana nane ye.
4 Ke Petro, kple Yohanes hã, kpɔe dũu, eye wògblɔ be: “Kpɔ mí ɖa.”
5 Eya ta efɔ ŋku ɖe wo dzi gãa, henɔ mɔ kpɔm be yeakpɔ nane tso wo gbɔ.
6 Gake Petro gblɔ be: “Klosalo kple sika mele asinye o; gake nu si le asinye la, eya nam mele wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me, zɔ!”
7 Ale wòlé eƒe nuɖusi, eye wòkɔe ɖe dzi. Enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔƒomewo kple eƒe afɔkɔewo ŋu;
8 eye wòti kpo hetso, eye wòte zɔzɔ, eye wònɔ zɔzɔm nɔ kpo tim henɔ Mawu kafum ge ɖe gbedoxɔa me kpli wo.
9 Eye ameawo katã kpɔe wònɔ zɔzɔm henɔ Mawu kafum.
10 Wokpɔe dze sii hã be eyae nye ŋutsu si nɔa anyi ɖe gbedoxɔ ƒe Agbo Dzeani la nu le nubiabia ta, eye woƒe mo wɔ yaa, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo, le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.
11 Ke esi ŋutsu la lé ɖe Petro kple Yohanes ŋu goŋgoŋ la, amewo katã ƒu du va ƒo ƒu ɖe wo ŋu le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.
12 Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na ameawo be: “Israel ŋutsuwo, nu ka tae nu sia le nuku wɔm na mi, alo nu ka tae miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo ɖokuitsɔtsɔ na Mawu gbɔe wòtso be míena wòzɔ azɔli ene?
13 Abraham kple Isak kpakple Yakob ƒe Mawu, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, do eƒe Dɔla Yesu ɖe dzi, ame si miawo miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, esime wòɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi.
14 Ɛ̃, miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ ma gbɔ, eye miebia be woaɖe asi le ŋutsu si nye amewula ŋu na yewo faa,
15 eye miewu agbe ƒe Kplɔla Vevitɔ la boŋ. Gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, nu si ŋuti ɖasefowo míenye.
16 Eya ta eƒe ŋkɔ, eƒe ŋkɔ si dzi míexɔ se, lae na ŋusẽ ɖo ŋutsu sia si kpɔm miele hedze sii la ŋu, eye xɔse si to eyama dzi lae na lãmesẽ blibo ŋutsua le mi katã ŋkume.
17 Eye azɔ nɔviwo, menya be manyamanya mee miewɔe le, abe miaƒe dziɖulawo ke ene.
18 Gake mɔ sia dzie Mawu to na nu siwo wògblɔ do ŋgɔ to nyagblɔɖilawo ƒe nu me, be yeƒe Kristo la akpe fu la, va eme.
19 “Eya ta mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, bene miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ,
20 bene wòaɖo Kristo la, si wotia na mi la ɖa, si nye Yesu,
21 ame si wòle be dziƒo naxɔ ɖi, va se ɖe nu siwo katã ŋu Mawu ƒo nu tsoe to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe siwo nɔ anyi le blema ƒe nu me la ƒe ɖɔɖɔɖoɣiwo.
22 Le nyateƒe me la, Mose gblɔ be: ‘Yehowa Mawu ana nyagblɔɖila aɖe nado tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene. Ele be miaɖo toe le nya siwo katã wòagblɔ na mi la nu.
23 Ɛ̃, luʋɔ sia luʋɔ si maɖo to Nyagblɔɖila ma o la, woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ tso dukɔ la dome.’
24 Eye nyagblɔɖilawo katã, ɛ̃, tso Samuel dzi kple ame siwo katã kplɔe ɖo, ame ale si nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia kɔtɛ le ŋkeke siawo hã ŋuti.
25 Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham be: ‘Eye le wò dzidzimevi la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã.’
26 Esi Mawu tia eƒe Dɔla la vɔ la, miawo gbɔe wòɖoe ɖo gbã, be wòayra mi, to ale si wòatrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa tso miaƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo gbɔe me.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Ŋdɔ ga 3 lɔƒo.