Dɔwɔwɔwo 24:1-27

24  Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, nunɔlagã Anania kple amegãwo dometɔ aɖewo kpakple nyanuɖela aɖe, si ŋkɔe nye Tertulo la va, eye wotsɔ nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu la ɖo nutomefia la ŋkume.  Esi woyɔe vae la, Tertulo de asi enutsotso me be: “Esi wònye be, to dziwòe míekpɔ ŋutifafa geɖe, eye esi wònye èbua nuwo ŋu nyuie doa ŋgɔ tae ɖɔɖɔɖowo le edzi yim le míaƒe dukɔ sia me ɖo ta la,  Bubutɔ Felike, míele akpe gãtɔ kekeake dam na wò, ɖe nu siawo ta ɣesiaɣi le afi sia afi.  Gake be magagblẽ ɣeyiɣi geɖe na wò o ta la, mele kuku ɖem na wò be nànyo dɔme na mí ahaɖo to mí vie ko.  Elabena míekpɔe be dɔvɔ̃e ŋutsu sia nye, eye wòna amewo le aglã dzem ɖe dziɖuɖu ŋu le Yudatɔwo katã dome le anyigba dzi godoo, eye wònye Nazaretetɔwo ƒe kɔmama la ƒe ŋgɔnɔlawo dometɔ ɖeka,  eya kee te kpɔ be yeaƒo ɖi gbedoxɔ la hã, gake míelée.  * ——  Ne èku nu me nyuie tso egbɔ la, ekema wò ŋutɔ àte ŋu àse nu siawo katã, siwo ta míele enu tsom ɖo, la me.”  Tete Yudatɔwo hã de nutsotsoa dzi, be nu siawo le eme nenema tututu. 10  Eye esi nutomefia la wɔ dzesi na Paulo be wòaƒo nu la, egblɔ be: “Esi menyae nyuie be ƒe geɖee nye esia nènye dukɔ sia ƒe ʋɔnudrɔ̃la ta la, melɔ̃ faa be maƒo nu aʋli ɖokuinye ta le nye nya sia me, 11  elabena abe ale si nànya nyae ene la, mewu ŋkeke wuieve haɖe o, tso esime meyi Yerusalem be masubɔ; 12  eye womekpɔm menɔ nya ʋlim kple ame aɖeke le gbedoxɔa me loo alo na zi tɔ le ƒuƒoƒeawo alo le dua me o. 13  Eye womate ŋu aɖo kpe nya siwo tsɔm wole ɖe ŋunye fifi laa la hã dzi o. 14  Ke hã, melɔ̃ ɖe nya sia ya dzi le ŋkuwòme: be mele subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na tɔgbuinyewo ƒe Mawu la le mɔ si yɔm wole be ‘kɔmama’ la nu, elabena mexɔ nu siwo katã le Se la me kple esiwo woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo me la dzi se; 15  eye mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me, mɔkpɔkpɔ si le ame siawo ŋutɔ hã si, be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. 16  Le nyateƒe me la, esia tae medoa vevie nu ɣesiaɣi, be dzitsinya si agblɔ nam be nyemedze agɔ aɖeke le Mawu kple amewo dzi o la nanɔ asinye. 17  Ale, le ƒe geɖe megbe la, meva be matsɔ dɔmenyonunanawo avae na nye dukɔ la, eye masa vɔ hã. 18  Esi menɔ nu siawo wɔm la, wokpɔ be menɔ ɖokuinye ŋu kɔm le kɔa nu le gbedoxɔa me, gake menye kple ameha alo hoowɔwɔ aɖeke o. Gake Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va, 19  ame siwo wòle na be woava ŋkuwòme hafi, ale be ne nya aɖe le wo si ɖe ŋunye la, ne woatso nunye. 20  Alo na ame siwo le afi sia la ŋutɔ nagblɔ vodada, si wokpɔ le ŋunye esi metsi tsitre ɖe Sanhedrin la ŋkume, 21  negbe ku ɖe nya ɖeka sia, si ko medo ɣli gblɔ esime menɔ tsitre ɖe wo dome la ŋu, be: ‘Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi tae wole ʋɔnu drɔ̃mem egbea le mia ŋkume ɖo!’” 22  Ke hã, esi Felike nya nya siwo ku ɖe Mɔ sia ŋu nyuie ta la, eda nyadɔdrɔ̃a ɖe ŋkeke bubu dzi gblɔ be: “Ne aʋafiagã Lisia va ɖo la, matso miaƒe nya la me.” 23  Eye wòɖe gbe na asrafomegã la be, wòakpɔ ŋutsua dzi, gake wòana ablɔɖe aɖe sinui, eye be wòagaxe mɔ na eƒe amewo dometɔ aɖeke be woana kpekpeɖeŋui o. 24  Le ŋkeke aɖewo megbe la, Felike va ɖo kple Drusila, si nye srɔ̃a, eye wònye Yuda nyɔnu la, eye wòdɔ woɖayɔ Paulo vae, eye wòse Kristo Yesu dzi xɔxɔse ŋu nya tso egbɔ. 25  Gake esi wònɔ nu ƒom tso dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felike, eye wòɖo eŋu be: “Heyi fifia gbɔ, ne mekpɔ ɣeyiɣi la, magaɖo ame ɖe wò.” 26  Gake enɔ mɔ kpɔm hã be Paulo nana ga ye. Esia ta edɔna woɖayɔnɛ vanɛ edziedzi wu tsã, eye wòɖoa dze kplii. 27  Gake esi ƒe eve va yi la, Porkio Festo va xɔ ɖe Felike teƒe; eye esi Felike di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖi bablae.

Etenuŋɔŋlɔ