Dɔwɔwɔwo 1:1-26

1  Oo Teofilo, nuŋlɔɖi gbãtɔ si mewɔ la ku ɖe nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me,  va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dzi, esime wòto gbɔgbɔ kɔkɔe dzi de se na apostolo siwo wòtia la vɔ megbe, la ŋu.  Eto kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le hã dzi ɖe eɖokui fia ame siawo agbagbee le esi wòkpe fu vɔ megbe, eye wokpɔe le ŋkeke blaeneawo me, eye wònɔ nya siwo ku ɖe Mawu fiaɖuƒe la ŋu gblɔm.  Eye esi eya kpli wo woƒo ƒu la, ede se sia na wo be: “Migayi adzɔge tso Yerusalem o, ke boŋ minɔ nu si ŋugbe Fofo la do, si ŋu nya miese tso gbɔnye la, lalam;  elabena tsie Yohanes ya tsɔ nyrɔ amewo, gake mele ŋkeke geɖe xɔ ge le esia megbe o la, woanyrɔ mi ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me.”  Ke esi woƒo ƒu la, wobiae be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?”  Egblɔ na wo be: “Menye miaƒe nyae wònye be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o;  ke boŋ miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”  Eye esi wògblɔ nya siawo vɔ, eye wonɔ ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo aɖe xɔe le wo ŋkume. 10  Eye esi wonɔ dziŋgɔli me kpɔm tẽe le ɣeyiɣi si me wòdzo yina la, kpɔ ɖa! Ŋutsu eve hã le awu ɣiwo me tsi tsitre ɖe wo gbɔ, 11  eye wogblɔ be: “Galilea ŋutsuwo, nu ka tae mietsi tsitre ɖi le dziŋgɔli me kpɔm? Yesu sia si woxɔ dzoe le mia gbɔ yi dziŋgɔli me la, ava nenema ke abe ale si miekpɔe wònɔ dziŋgɔli me yim la ene.” 12  Eye wotrɔ tso to, si woyɔna be Amito, si te ɖe Yerusalem ŋu, eye wo dome anɔ sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ,* la dzi yi Yerusalem. 13  Eya ta esi woɖo dua me la, woyi dziƒoxɔ si me wonɔna la me: Petro kple Yohanes kple Yakobo kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon, veviedonula la, kpakple Yuda, Yakobo vi. 14  Ame siawo nɔ gbedodoɖa dzi kple tame ɖeka, woa kple nyɔnu aɖewo kpakple Maria, Yesu dada, kple Yesu nɔviŋutsuwo. 15  Ke le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre le nɔviawo dome, (ameha la katã nɔ abe ame alafa ɖeka kple blaeve ene,) eye wògblɔ be: 16  “Ŋutsuwo, nɔviwo, ehiã be ŋɔŋlɔ la nava eme, si gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to David nu tso Yuda, si zu ame siwo lé Yesu la ƒe mɔfiala ŋuti, 17  elabena woxlẽe ɖe mía dome, eye wòkpɔ gome le subɔsubɔdɔ sia me. 18  (Ale nenem me sia tsɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu ƒle anyigba, eye esi wòge tsɔ ta va tu anyi la, eƒe ƒodo wo too, eye eƒe dɔkaviwo do go. 19  Eye ame siwo katã le Yerusalem hã see, ale be woyɔa anyigba ma le woƒe gbea me be Akeldama, si gɔmee nye Ʋunyigba.) 20  Elabena woŋlɔ ɖe Psalmowo ƒe agbalẽa me be: ‘Eƒe nɔƒe nazu aƒedo, eye ame aɖeke naganɔ eme o,’ eye: ‘Eƒe dzikpɔkpɔdɔ la nazu ame bubu tɔ.’ 21  Eya ta ehiã be ame siwo ƒoa ƒu kpli mí le ɣeyiɣi siwo katã me Aƒetɔ Yesu yina gbɔna le mía dome, 22  tso esime Yohanes na nyɔnyrɔe va se ɖe ŋkeke si dzi woxɔe dzoe le mía gbɔ dzi la, ŋutsu siawo dometɔ ɖeka nazu ɖasefo kpe ɖe mía ŋu le eƒe tsitretsitsi la ŋu.” 23  Eya ta wokplɔ ame eve, Yosef si woyɔna be Barsaba, si wogayɔna be Yusto, kple Matia vae. 24  Eye wodo gbe ɖa gblɔ be: “Oo, Yehowa, wò ame si nya amewo katã ƒe dziwo me, ɖe ame eve siawo dometɔ si nètia la fia, 25  be wòaxɔ ɖe subɔsubɔdɔ kple apostolonyenye sia, si gbɔ Yuda trɔ le helé ye ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ, la teƒe.” 26  Ale wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi; eye wotsɔe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.

Etenuŋɔŋlɔ

Le rabiwo ƒe nyatakaka nu la, esia ade meta 890.