2 Petro 3:1-18

3  Lɔlɔ̃tɔwo, esiae nye agbalẽ evelia si ŋlɔm mele ɖo ɖe mi fifia, si me mele miaƒe nuŋububu ƒe ŋutetewo nyɔm le, to ŋkuɖodzinya siawo dzi, abe ale si mewɔe le agbalẽ gbãtɔ me ene,  be miaɖo ŋku nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ do ŋgɔ, kpakple Aƒetɔ kple Ðela la ƒe se si wòna to miaƒe apostolowo dzi la dzi.  Elabena gbã la, mienya esia be, le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava kple woƒe fewuɖuɖu, eye woawɔ nu le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,  ahanɔ gbɔgblɔm be: “Afi ka eƒe anyinɔnɔ sia si ŋugbe wodo la le? Kpɔ ɖa, tso ŋkeke si dzi mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.”  Elabena womete ŋu de dzesi nyateƒenya sia o, le esi wodii nenema ta: be to Mawu ƒe nya la dzi la, dziƒowo nɔ anyi tso blema, eye anyigba hã do tso tsi me, eye tsi ƒo xlãe;  eye nu siawoe wotsɔ tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee.  Gake to nya ma ke dzi la, wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.  Ke hã, lɔlɔ̃tɔwo, migana miaƒe susu nadzo le nyateƒenya sia dzi o: ŋkeke ɖeka le Yehowa gbɔ abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka abe ŋkeke ɖeka ene.  Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ. 10  Ke hã, Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, si me dziƒowo nu ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, gake wo me nuawo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la alolõ, eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa. 11  Esi woalolõ nu siawo katã ta la, ame ka ƒomeviwo ye nye esi wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me, 12  eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu,* esime woalolõ dziƒowo le dzo me, eye wo me nuwo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la, alolõ! 13  Gake míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu. 14  Eya ta lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nu siawo lalam ta la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòakpɔ mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa me. 15  Eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ na mi le nunya si wonae la nu ene, 16  esi wòƒoa nu tso nu siawo ŋu abe ale si wòwɔna le eƒe agbalẽwo katã me ene. Gake le wo me la, nanewo gɔme sese sesẽ, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo le gbo trɔmee, abe ale si wowɔ Ŋɔŋlɔ bubuawo ke ene, hena woawo ŋutɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃. 17  Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nu siawo do ŋgɔ ta la, minɔ ŋudzɔ, be sedzidalawo ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo ŋu, be miadze anyi le miaƒe tenɔnɔ sesĩ la me o. 18  Ao, ke boŋ miyi edzi miatsi le mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe fifia yi ɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi.

Etenuŋɔŋlɔ

Le Helagbe me la, nya ‘parousia,’ si fia “anyinɔnɔ” ye dze le afi sia. Efia ɣeyiɣi ƒe didime aɖe, eye nu siwo dzɔ le ɣeyiɣi ma me dzie wonɔa te ɖo nyana. Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 5 lia.