2 Tesalonikatɔwo 3:1-18

3  Mlɔeba la, nɔviwo, minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, bene Yehowa ƒe nya la nayi edzi aɖe zɔ kabakaba, eye woadoe ɖe dzi abe ale si tututu wòle le mia gbɔ ene;  eye be woaɖe mí tso nuveviwɔamelawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me, elabena menye amewo katã sie xɔse le o.  Gake nyateƒetɔe Aƒetɔ la nye, eye ana mianɔ te sesĩe, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ la si me.  Gawu la, kakaɖedzi le mía si le Aƒetɔ la me ɖe mia ŋu, be miele nu siwo ƒe se míede na mi la wɔm, eye be miayi edzi awɔ wo.  Aƒetɔ la neyi edzi afia mɔ miaƒe dziwo dzidzedzetɔe ayi Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple dzidodo me le Kristo la ta.  Ke míele se dem na mi, nɔviwo, le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be miaɖe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi si zɔna sakasaka, eye menye ɖe nu siwo miexɔ tso mía gbɔ nu o la ŋu.  Elabena mia ŋutɔwo mienya ale si wòle be miasrɔ̃ mí, elabena míenɔ agbe sakasaka le mia dome o,  eye míeɖu nu le ame aɖeke gbɔ dzodzro o. Ke boŋ míetsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku nɔ dɔ wɔm zã kple keli, bene míagazu agba gã aɖeke na mia dometɔ aɖeke o.  Menye esi ŋusẽ mele mía si o tae o, ke boŋ bene míaɖe mía ɖokui afia wòanye kpɔɖeŋu na mi miasrɔ̃. 10  Eye le nyateƒe me la, esime míenɔ mia gbɔ la, míelɔ̃ se sia dede na mi be: “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.” 11  Elabena míele sesem be mia dometɔ aɖewo le zɔzɔm sakasaka, eye womewɔa dɔ aɖeke kura o, ke boŋ wonɔa nu dem nya si meka wo o me. 12  Míele se dem na ame siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le Aƒetɔ Yesu Kristo me be, woanɔ anyi kpoo awɔ dɔ, eye woaɖu nu siwo woawo ŋutɔwo wowɔ dɔ kpɔ la. 13  Ke miawo la, nɔviwo, migadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o. 14  Gake ne ame aɖe meɖoa to míaƒe agbalẽ sia me nya o la, mide dzesi ame sia, midzudzɔ hadede kplii, ne ŋu nakpee. 15  Ke hã, miganɔ ebum abe futɔ ene o, ke boŋ miyi edzi mianɔ nu xlɔ̃mee abe nɔvi ene. 16  Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi ɣeawokatãɣi le mɔ sia mɔ nu. Aƒetɔ la nenɔ anyi kpli mi katã. 17  Nye Paulo ƒe gbedoname, si metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ, si nye dzesi le nye agbalẽ ɖe sia ɖe me, lae nye esi; nenemae meŋlɔnɛ. 18  Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

Etenuŋɔŋlɔ