2 Tesalonikatɔwo 1:1-12

1  Paulo kple Silvano kpakple Timoteo le esia ŋlɔm na Tesalonikatɔwo ƒe hame si le ƒomedodo me kple Mawu mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo:  Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.  Nɔviwo, agba le mía dzi be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta abe ale si wòdze ene, elabena miaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi ŋutɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe lɔlɔ̃ na nɔvia le dzidzim ɖe edzi.  Ale wònye dada na mía ŋutɔwo hã le mia ta le Mawu ƒe hamewo dome, le dzidodo kple xɔse si mieɖena fiana le yometiti kple xaxa siwo katã me tom miele me la ta.  Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋuti kpeɖodzi, si ana woabu mi be miedze na Mawu fiaɖuƒe, si ta miele fu kpem hã ɖo la.  Nu si tae wòle aleae nye be, edzɔ le Mawu ŋkume be, wòatsɔ xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa mia dzi,  gake na mi ame siwo le xaxa me tom la, be wòana gbɔdzɔe mi le Aƒetɔ Yesu kple mawudɔla sẽŋuwo ƒe ɖeɖe fia tso dziƒo la me,  le dzo si le bibim vlavlavla me, esime wòabia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.  Ame siawo akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe, si atso Aƒetɔ la ŋkume kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ, 10  esime wòava be woadoe ɖe dzi le eƒe ame kɔkɔewo gome, eye be woakpɔe le ŋkeke ma dzi wòawɔ mo yaa na ame, le ame siwo katã ɖee fia be yewoxɔ edzi se la gome, elabena miexɔ ɖase si míeɖi la dzi se. 11  Esia tututu tae míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣesiaɣi ɖo, bene mía Mawu la nabu mi be miedze na eƒe yɔyɔ la, eye be wòawɔ nu nyui sia nu nyui si dze eŋu kple xɔse ƒe dɔ la bliboe le ŋusẽ me; 12  bene woado mía Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi le mia me, eye woado miawo hã ɖe dzi kpe ɖe eŋu, le mía Mawu la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, ƒe amenuveve la nu.

Etenuŋɔŋlɔ