1 Timoteo 6:1-21

6  Ame ale si nu le kɔkuti te abe kluviwo ene la nayi edzi abu woƒe aƒetɔwo be wodze na bubu blibo, bene woagaƒo nu gbegblẽ tso Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋu gbeɖe o.  Gawu la, ame siwo ƒe aƒetɔwo nye xɔsetɔwo la nagatsɔ wo aba hae le esi wonye nɔviwo ta o. Ke boŋ woalɔ̃ faa asubɔ abe kluviwo ene, elabena ame siwo kpɔa viɖe tso woƒe dɔ nyui la wɔwɔ me la nye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo. Yi edzi nànɔ nu siawo fiam ahanɔ nuxlɔ̃ame siawo nam.  Ne ame aɖe fiaa nu bubu, eye melɔ̃na ɖe nya nyuitɔwo, siwo nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyawo dzi, alo ɖe nufiafia si sɔ ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu la dzi o la,  edoa eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye mesea naneke gɔme o, ke boŋ nyaʋiʋli kple glãkahehe le nyawo ŋu zu tagbɔdɔ wòle lelém. Nu siawoe hea ŋubiabiã, dzrewɔwɔ, dzugbewo, susu vɔ̃wo bubu ɖe ame ŋu,  nyahehe sesĩe le nya maɖinyawo ŋu, vanɛ le ame siwo ƒe susu gblẽ, eye woxɔ nyateƒe la le wo si la gome, ame siwo susuna be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye viɖenu.  Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu.  Elabena míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.  Eya ta esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.  Gake ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me, la me. 10  Elabena nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia ƒomevi yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo. 11  Ke wò la, Oo, Mawu ƒe ame, si le nu siawo nu. Ke boŋ dze dzɔdzɔenyenye, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, kple tufafa yome. 12  Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, na wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu eme nyuie le dutoƒo le ɖasefo geɖewo ŋkume la dzi. 13  Mawu, ame si nana nuwo katã nɔa agbe, kple Kristo Yesu, ame si ɖi ɖase nyuie le dutoƒo le Pontio Pilato gbɔ, la ŋkume ye mele se dem na wò le, 14  be nàwɔ sedede sia dzi kpɔtsɔtsɔ kple mokaka manɔŋui va se ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefiaɣi la. 15  Ŋusẽtɔ dzidzɔtɔ ɖeka kolia la ana ɖeɖe fia sia nadze le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, eya ame si nye Fia na ame siwo le fia ɖum kple Aƒetɔ na ame siwo le aƒetɔ ɖum la, 16  ame si ko si makumakunyenye le, ame si le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, ame si amegbetɔ aɖeke mekpɔ alo ate ŋu akpɔ o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ gã mavɔ. Amen. 17  De se na ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu hena míaƒe zazã la ŋu; 18  be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu amewo, 19  eye woadzra gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi sesĩe. 20  Oo, Timoteo, kpɔ nu si wotsɔ de asi na wò la dzi, eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be “sidzedze” la ƒe glãkahehewo. 21  To boblododo sidzedze sia ƒomevi me la, ame aɖewo trɔ ɖa le xɔse la gbɔ. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Etenuŋɔŋlɔ