1 Timoteo 5:1-25

5  Mèganyra ɖe ame tsitsi dzi o. Ke boŋ xlɔ̃ nui kple kukuɖeɖe vevie abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene,  nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbuiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.  De bubu ahosi siwo nye ahosi ŋutɔŋutɔwo la ŋu.  Gake ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, na ame siawo nasrɔ̃ ale si woaɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu afia le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woayi edzi aɖo eteƒe na wo dzilawo kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo, elabena esia sɔ le Mawu ŋkume.  Ke nyɔnu si nye ahosi ŋutɔŋutɔ, eye naneke mele esi o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe Mawu dzi, eye wònɔa kokoƒoƒowo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.  Gake ahosi si lɔ̃a kɔɖiɖi na ŋutilã ƒe vivisese la nye ame kuku, togbɔ be ele agbe hã.  Eya ta yi edzi nànɔ se siawo dem, bene woanye mokakamanɔŋutɔwo.  Le nyateƒe me la, ne ame aɖe mekpɔa ye ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ, vevietɔ ye ŋutɔ ƒemetɔwo tɔwo gbɔ o la, egbe nu le xɔse la gbɔ, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.  Ele be ahosi si woatia la naxɔ ƒe blaade ya teti, ame si nye ŋutsu ɖeka srɔ̃, 10  ame si ŋu woɖi ɖase le le eƒe dɔwɔwɔ nyuiwo ta, ne enyi viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa afɔ na ame kɔkɔewo, ne ena kpekpeɖeŋu ame siwo ɖo xaxa me, ne enɔ dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ yome pɛpɛpɛ. 11  Gake gbe ahosi siwo metsi o, elabena ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo ho ɖe wo me la, woɖea kɔ ɖa le Kristo la ŋu, eye wodina be yewoaɖe srɔ̃, 12  eye wodzea ʋɔnudɔdrɔ̃ me le esi wogbe xɔse ƒe nya si wogblɔ le gɔmedzedzea me la ta. 13  Eye wogbea dɔwɔwɔ hã, nɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; ɛ̃, menye ɖeko wogbea dɔwɔwɔ o, ke boŋ wonyea amenyagblɔlawo, eye wonɔa nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me, henɔa nya siwo mele be woagblɔ o la gblɔm. 14  Eya ta medi be ahosi siwo metsi o la naɖe srɔ̃, adzi vi, akpɔ aƒe dzi, bene woagana mɔ tsitretsiɖeŋula la wòadzu mí o. 15  Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖewo trɔ dze Satana yome xoxo. 16  Ne ahosiwo le nyɔnu xɔsetɔ aɖe si la, nena kpekpeɖeŋu wo, eye woaganye agba na hame la o. Ekema hame la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siwo nye ahosi ŋutɔŋutɔwo. 17  Ele be woatsɔ bubu teƒe eve ana hamemetsitsi siwo wɔa dzikpɔladɔ la nyuie, vevietɔ wo dometɔ siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me. 18  Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Mele be nàbla nu na nyitsu ne ele nuku tugum o”; eye be: “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” 19  Ne wotso hamemetsitsi aɖe nu la, mègalɔ̃ ɖe edzi o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu ko. 20  Gbe nya na ame siwo tsɔa nu vɔ̃ ɖoa dɔe la le amewo katã ŋkume, bene ame mamlɛawo hã navɔ̃. 21  Mele se dem na wò vevie le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume be, nàlé nu siawo me ɖe asi nazãbubu manɔmee, eye mègawɔ naneke le amedzidede ta o. 22  Mègada asi ɖe ame aɖeke dzi dzitsitsitɔe gbeɖe o; eye mègakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo me o; lé ɖokuiwò dzadzɛe. 23  Mègano tsi azɔ o, ke boŋ zã wain vi aɖe le wò dɔgbo kple wò lãmegbegblẽ enuenu la ta. 24  Ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo dzena le amewo katã ŋkume, eye wokplɔ wo yia ʋɔnudɔdrɔ̃ me tẽe, gake le ame bubuwo gome la, woƒe nu vɔ̃wo va dzena emegbe. 25  Nenema kee dɔwɔwɔ nyuiwo hã dzena le amewo katã ŋkume, eye esiwo mele alea o la, womate ŋu aɣla wo o.

Etenuŋɔŋlɔ