1 Timoteo 4:1-16

4  Ke hã, nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔe kɔtɛ be, le ɣeyiɣi siwo ava va me la, ame aɖewo ade megbe tso xɔse la me, woalé to ɖe ameblenya siwo tso gbɔgbɔ me, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo ŋu,  to aʋatsokalawo ƒe alakpanuwɔwɔ me, ame siwo ƒe dzitsinya ku atri abe ga xɔdzoe wotsɔ de dzesii ene;  ame siwo dea se ɖe srɔ̃ɖeɖe nu, eye wodea se be woatsri nuɖuɖu siwo Mawu wɔ be ame siwo si xɔse le, eye wonya nyateƒea nyuie la, naɖu kple akpedada la.  Nu si ta wòle aleae nye be, Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe nyo, eye mele be woatsri ɖeke o, ne wonya xɔe kple akpedada ko,  elabena wokɔ eŋu to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa ɖe eta me.  Ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo na nɔviawo la, ànye Kristo Yesu ƒe subɔla nyui, ame si wotsɔ xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze pɛpɛpɛ la, nyii.  Gake gbe gli, siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, siwo nyagãwo tona la. Ke boŋ na ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nanye taɖodzinu si nàtsɔ anɔ ɖokuiwò mlam.  Elabena ŋutilã me kamedede nyo na nu vi aɖe ko; gake ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ya nyo na nuwo katã, elabena elé agbe si li fifia kple esi le vava ge la ƒe ŋugbedodo la ɖe asi.  Nya ma nye nyateƒe, eye wòdze be woalɔ̃ ɖe edzi bliboe. 10  Elabena esia tae míele dɔ wɔm sesĩe hele ʋiʋlim ɖo, elabena Mawu gbagbe aɖe dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo, ame si nye ame ƒomeviwo katã Xɔla, vevietɔ nuteƒewɔlawo. 11  Yi edzi nànɔ se siawo dem, eye nànɔ wo fiam. 12  Mègaɖe mɔ ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye gbeɖe o. Ke boŋ zu kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me. 13  Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃, kple nufiafia, va se ɖe esime mava. 14  Mèganɔ nunana si le mewò, si wona wò to nyagblɔɖi aɖe dzi esime hamemetsitsiwo ƒe ha la da woƒe asiwo ɖe dziwò, la ŋu dɔ wɔm ɖewoɖewoe o. 15  De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã. 16  Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔ nu siawo dzi, elabena to esia wɔwɔ me la, àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.

Etenuŋɔŋlɔ