1 Timoteo 2:1-15
2 Eya ta gbã la, mele nu xlɔ̃m be woanɔ kokoƒoƒowo, gbedodoɖawo, kukuɖeɖe ɖe ame bubuwo ta, kple akpedadawo dzi ɖe ame ƒomeviwo katã ta,
2 ɖe fiawo kple ame siwo katã le ɖoƒe kɔkɔ la ta; bene míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu kple moveviɖoɖo me.
3 Nu sia nyo, eye wòdze le mía Xɔla, Mawu, ŋkume,
4 ame si ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.
5 Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amegbetɔwo dome, si nye ame Kristo Yesu, ye li,
6 ame si tsɔ eɖokui na wònye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta . . . nu sia ŋue wòle be woaɖi ɖase le le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣiwo dzi.
7 Ðaseɖiɖidɔ sia tae woɖom gbeƒãɖela kple apostolo kple dukɔwo ƒe nufiala le xɔse kple nyateƒe ƒe nya la me ɖo—nyateƒe tom mele, nyemele aʋatso kam o.
8 Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nanɔ gbe dom ɖa, eye woado asiwo ɖe dzi le nuteƒewɔwɔ me, dzikudodo kple glãkahehe manɔmee.
9 Nenema kee medi be nyɔnuwo hã nado awu le nɔnɔme nyui me atsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo ɖokuiwo, le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me, menye kple ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo o,
10 ke boŋ woaɖo atsyɔ̃ abe ale si wòdze nyɔnu siwo gblɔna be yewovɔ̃a Mawu la ene, si nye to dɔ nyuiwo wɔwɔ me.
11 Nyɔnu nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi me le ɖokuibɔbɔ blibo me.
12 Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu alo akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ be wòazi ɖoɖoe.
13 Elabena Adam ye wowɔ gbã, emegbe hafi wowɔ Xawa.
14 Eye menye Adam ye woble o, ke boŋ nyɔnu lae woble vevie, eye wòge ɖe vodada me.
15 Ke hã, woakpɔ eta dedie to vidzidzi me, ne eyi edzi nɔ xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔenyenye kpakple ŋuɖɔɖo me.