1 Timoteo 1:1-20

1  Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ðela, kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ la, ƒe sedede dzi,  le esia ŋlɔm na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me: Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ, ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, nanɔ anyi kpli wò.  Abe ale si ko mede dzi ƒo na wò be nànɔ Efeso esime menɔ Makedonia mɔ dzem ene la, nenema kee mele dzi dem ƒo na wò fifia hã be nàde se na ame aɖewo be, woaganɔ nu bubu fiam o,  eye be woagalé to ɖe gliwo kple dzidzimewo xexlẽ fia ŋuti o; viɖe aɖeke mele wo ŋu o, ke boŋ wofɔa biabia manyatalenuwo ɖe te, le esi woana woanya nane si tso Mawu gbɔ le xɔse ŋu teƒe.  Le nyateƒe me la, taɖodzinu si le sedede sia ŋue nye lɔlɔ̃ si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse si me alakpanuwɔwɔ mele o la me.  Esi ame aɖewo trɔ ɖa le nu siawo gbɔ ta la, wotrɔ ɖe nukpoloeƒoƒo si ŋu viɖe aɖeke mele o ŋu,  eye wole didim be yewoanye sefialawo, evɔ womesea nya siwo gblɔm wole, alo nu siwo dzi wotea tɔ ɖo vevie le woƒe nuƒoƒo me, la gɔme o.  Ke míenyae be Se la nyo, ne ame wɔa eŋu dɔ abe ale si dze ene  le nyateƒenya sia nyanya me be: menye ame dzɔdzɔe tae wodea se ɖo o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo, ame mavɔ̃mawuwo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame siwo mevea ame nu o kple ame siwo medea bubu nu kɔkɔewo ŋu o, tɔwulawo kple nɔwulawo, amewulawo, 10  agbe gbegblẽ nɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, amefilawo, aʋatsokalawo, ame siwo kaa atam dzodzro, kpakple nu bubu ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe nufiafia nyui la ŋu, la tae, 11  le Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui, si wotsɔ de asi nam la nu. 12  Medaa akpe na Kristo Yesu mía Aƒetɔ, ame si do ŋusẽm la, elabena ebum nyateƒetɔ, esi wòtsɔ subɔsubɔdɔ aɖe de asi nam, 13  togbɔ be tsã la, menye busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame hã. Ke hã, wokpɔ nublanui nam, elabena nyemenyae ɣemaɣi o, eye mewɔe le dzimaxɔse me. 14  Gake mía Aƒetɔ ƒe amenuveve la sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ hekpe ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me la ŋu. 15  Nya sia nye nyateƒe, eye wòdze be woalɔ̃ ɖe edzi bliboe: be Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo. Le ame siawo dome la, nyee nye gãtɔ. 16  Ke hã, nu si ta wokpɔ nublanui nam ɖo lae nye be, Kristo Yesu nato nye ame si nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔ dzi aɖe eƒe dzigbɔgbɔ blewu la katã afia, be wòanye kpɔɖeŋu na ame siwo axɔ eyama dzi ase hena agbe mavɔ la. 17  Ke Fia mavɔmavɔtɔ, magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ, si nye Mawu ɖeka kolia la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. 18  Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagblɔɖi siwo fia asi wò tẽe la nu, bene nàyi edzi awɔ aʋa nyui la le wo nu; 19  eye nàlé xɔse kple dzitsinya nyui me ɖe asi, nu siwo ame aɖewo tu asii ɖa, eye woƒe xɔse dome gblẽ abe tɔdziʋu si gbã la ene. 20  Himenayo kple Aleksandro le ame siawo dome, eye meɖe asi le wo ŋu na Satana, bene woahe to na wo atsɔ afia wo be woaganɔ busunyawo gblɔm o.

Etenuŋɔŋlɔ