1 Korintotɔwo 8:1-13

8  Azɔ maƒo nu tso nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ƒe nya la ŋu: míenya be sidzedze le mí katã si. Sidzedze doa ame ɖe dzi, gake lɔlɔ̃ tua ame ɖo.  Ne ame aɖe susu be yenya nane la, menyae abe ale si wòle be wòanyae ene haɖe o.  Gake ne ame aɖe lɔ̃a Mawu la, Mawu dzea sii.  Ke le nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ŋu la, míenyae be trɔ̃ menye naneke le xexea me o, eye be Mawu aɖeke meli o, negbe ɖeka ko.  Elabena togbɔ be nu siwo woyɔna be “mawuwo” li, eɖanye le dziƒo alo le anyigba dzi o, abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene, hã la,  le nyateƒe me la, Mawu ɖeka si nye Fofo la, ame si me nuwo katã tso, eye míeli nɛ la, koe li na mí; eye Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ, eye míeto eyama me la, koe li.  Ke hã, menye amewo katã mee sidzedze sia le o; gake esi trɔ̃subɔsubɔ ma ame aɖewo va se ɖe fifia ta la, wobua nu siwo woɖuna la abe nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃ ene, eye woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ la, ŋu mekɔ o.  Gake nuɖuɖu mana míadze Mawu ŋu o; ne míeɖua nu o la, meɖea mía dzi kpɔtɔna o, eye ne míeɖua nu la, menana míezua gã wu o.  Gake mikpɔ nyuie, be miaƒe ŋusẽ ma nagazu nukikli na ame siwo gbɔdzɔ la le mɔ aɖe nu o. 10  Elabena ne ame aɖe akpɔ wò, ame si si sidzedze le, nèle kplɔ̃ ŋu le nu ɖum le trɔ̃xɔ aɖe me la, ɖe made dzi ƒo na ame ma, si ƒe dzitsinya gbɔdzɔ la, be eya hã naɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo oa? 11  Aleae wò sidzedze la ana ame si gbɔdzɔ la dome nanɔ gbegblẽm, nɔviwò si ta Kristo ku ɖo. 12  Gake ne miewɔ nu vɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋu alea, eye miede abi woƒe dzitsinya si gbɔdzɔ ŋu la, miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Kristo ŋu. 13  Eya ta ne nuɖuɖu zua nukikli na nɔvinye la, ekema nyemagaɖu lã akpɔ gbeɖe o, bene magana nɔvinye nakli nu o.

Etenuŋɔŋlɔ