1 Korintotɔwo 7:1-40

7  Ke le nu siwo mieŋlɔ ɖo ɖem ŋu la, enyo na ŋutsu be wòagade asi nyɔnu ŋu o;  ke hã, le agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe bɔbɔ ta la, srɔ̃ nanɔ ŋutsu sia ŋutsu si, eye srɔ̃ nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si.  Srɔ̃ŋutsu natsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema ke na srɔ̃a.  Srɔ̃nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, gake srɔ̃a ya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi; nenema kee srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, gake srɔ̃a ya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi.  Miganɔ nu sia tem mia nɔewo o, negbe ɖe mi ame evea mielɔ̃ ɖe edzi va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe ko, bene miakpɔ ɣeyiɣi ɖe gbedodoɖa ŋu, eye miagava wɔ ɖeka ake, bene Satana nagayi edzi anɔ mia tem kpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.  Ke hã, mele esia gblɔm le mɔnana nu, ke menye le sedede nu o.  Gake ɖe madi be amewo katã nanɔ abe ale si mele ene hafi. Ke hã, ame sia ame kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ ye, ame aɖe xɔe le mɔ si nu, ame bubu xɔe le mɔ kemɛ nu.  Ke mele egblɔm na ame siwo meɖe srɔ̃ o kple ahosiwo be, enyo na wo be woanɔ abe ale si ko nye hã mele ene.  Gake ne womate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi o la, ekema woneɖe srɔ̃, elabena enyo be woaɖe srɔ̃ wu be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sesẽ nanɔ fu ɖem na ame. 10  Mele mɔfiame sia nam srɔ̃tɔwo, ke hã, menye nyee o, ke boŋ Aƒetɔ lae, be mele be srɔ̃nyɔnu nadzo le srɔ̃a gbɔ o; 11  gake ne edzo le egbɔ hã la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negbugbɔ va srɔ̃a gbɔ; eye mele be srɔ̃ŋutsu hã nadzo le srɔ̃a gbɔ o. 12  Gake mele egblɔm na ame mamlɛawo, ɛ̃, nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ lae o, be: Ne nyɔnu dzimaxɔsetɔ aɖe le nɔvi aɖe si, eye nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua negadzo le egbɔ o; 13  eye ne nyɔnu aɖe srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ, gake ŋutsua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, nyɔnua negadzo le egbɔ o. 14  Elabena wokɔ srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ la ŋu le srɔ̃a gome, eye wokɔ srɔ̃nyɔnu dzimaxɔsetɔ la hã ŋu le nɔviŋutsua gome; ne menye nenemae o la, anye ne mia viwo nye ame makɔmakɔwo, gake fifia wole kɔkɔe. 15  Gake ne dzimaxɔsetɔ la be yeadzo la, nedzo faa; nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu menye kluvi le nɔnɔme siawo me o, ke boŋ Mawu yɔ mi va ŋutifafa gbɔ. 16  Ke srɔ̃nyɔnu, aleke nèwɔ nya be màxɔ srɔ̃wò ɖe agbe o? Alo srɔ̃ŋutsu, aleke nèwɔ nya be màxɔ srɔ̃wò ɖe agbe o? 17  Negbe ɖeko ame sia ame nazɔ le gome si Yehowa Mawu nae nu abe ale si wòyɔe ene. Eye esiae nye nye ɖoɖo na hameawo katã. 18  Ðe wotso aʋa na ame aɖe hafi woyɔea? Negatrɔ eɖokui abe aʋamatsomatsotɔ ene o. Ðe wometso aʋa na ame aɖe hafi woyɔe oa? Negana woatso aʋa nɛ o. 19  Aʋatsotso menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke boŋ Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ye nye nua. 20  Nɔnɔme ka mee woɖayɔ ame aɖe le o, neyi edzi wòanɔ eme nenema. 21  Ðe nènye kluvi esime woyɔ wòa? Mègana wòaɖe fu na wò o; gake ne àte ŋu axɔ ablɔɖe la, wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋuti dɔ. 22  Elabena ame sia ame si le Aƒetɔ la me, si nye kluvi esime woyɔe la nye ame si Aƒetɔ la na ablɔɖe; nenema kee ame si nye ablɔɖeme esime woyɔe la nye Kristo ƒe kluvi. 23  Ho gã aɖee wotsɔ ƒle mi; midzudzɔ amewo ƒe kluviwo zuzu. 24  Nɔviwo, nɔnɔme ka mee woɖayɔ ame aɖe le o, neyi edzi wòanɔ nɔnɔme ma me le ƒomedodo me kple Mawu. 25  Ke le ɖekakpui siwo menya nyɔnu o, alo ɖetugbui siwo menya ŋutsu o gome la, nyemexɔ sedede aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ o, ke hã, mele nye susu dom ɖa, abe ame si Aƒetɔ la kpɔ nublanui na be wònye nyateƒetɔ ene. 26  Eya ta mesusu be, le hiahiã si le mía gbɔ afi sia fifia ta la, anyo na ame be wòanɔ anyi nenema. 27  Wobla wò ɖe srɔ̃nyɔnu ŋua? Dzudzɔ mɔnudidi be woaɖe asi le ye ŋu. Wotu wò le srɔ̃nyɔnu ŋua? Dzudzɔ srɔ̃didi. 28  Gake ne èɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nu vɔ̃ o. Eye ne ɖekakpui si menya nyɔnu o alo ɖetugbui si menya ŋutsu o ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o. Ke hã, ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ xaxa le ŋutilã me. Fafam ko mele na mi. 29  Gawu la, nɔviwo, mele esia gblɔm be, ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. Eya ta ame siwo si srɔ̃ le la nenɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene, 30  eye ame siwo le avi fam hã nenɔ abe ame siwo mele avi fam o ene, eye ame siwo le dzidzɔ kpɔm la nenɔ abe ame siwo mele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo le nu ƒlem la nenɔ abe ame siwo si nu mele o ene, 31  eye ame siwo wɔa xexe sia ŋuti dɔ la nenɔ abe ame siwo mele eŋuti dɔ wɔm bliboe o ene; elabena xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm. 32  Ɛ̃, medi be miavo tso dzimaɖitsitsi me. Ŋutsu si meɖe srɔ̃ o la tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe nuwo ŋu, ale si wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu. 33  Gake ŋutsu si ɖe srɔ̃ la tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu, ale si wòawɔ adze srɔ̃a ŋu, 34  eye wòle evedomesi. Eye nyɔnu si meɖe srɔ̃ o la tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe nuwo ŋu, bene wòanɔ kɔkɔe le eƒe ŋutilã kple eƒe gbɔgbɔ me siaa, eye nenema kee nye ɖetugbui si menya ŋutsu o hã. Gake nyɔnu si ɖe srɔ̃ la tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu, ale si wòawɔ adze srɔ̃a ŋu. 35  Gake mia ŋutɔwo miaƒe viɖe tae mele esia gblɔm ɖo, menye be matre mɔ na mi o, ke boŋ be mana miawɔ nu si dze, eye miawɔ Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee. 36  Gake ne ame aɖe susu be yemele nu wɔm nyuie abe ale si dze ame siwo menya nyɔnu alo ŋutsu o ene o, eye wòto sɔhɛnyenye me do, eye aleae wòle be wòanɔ la, ekema newɔ nu si wòdi; mewɔ nu vɔ̃ o. Woaɖe srɔ̃. 37  Gake ne ame aɖe ɖoe kplikpaa le eƒe dzi me, eye naneke mezi edzi o, ke boŋ wòkpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi, eye wòtso nya me alea le ye ŋutɔ ƒe dzi me, be yeayi edzi anye ɖekakpui si menya nyɔnu o, alo ɖetugbui si menya ŋutsu o la, ewɔe nyuie. 38  Eya ta ɖekakpui si menya nyɔnu o, alo ɖetugbui si menya ŋutsu o, si ɖe srɔ̃ la hã wɔe nyuie, gake esi meɖe srɔ̃ o la awɔe nyuie wu. 39  Ŋkeke ale si srɔ̃ŋutsu le agbe ko la, srɔ̃a le babla. Gake ne srɔ̃ŋutsua dɔ alɔ̃ le ku me la, ekema nyɔnua vo aɖe ame si wòlɔ̃, negbe le Aƒetɔ la me ko. 40  Gake le nye susu nu la, akpɔ dzidzɔ wu ne eyi edzi nɔ anyi nenema. Mesusui ŋutɔŋutɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye hã dzinye.

Etenuŋɔŋlɔ