1 Korintotɔwo 2:1-16
2 Eya tae esi meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã nya gãwo gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la gblɔm na mi o.
2 Elabena esi menɔ mia dome la, meɖoe be nye susu naganɔ naneke ŋu tsɔ wu Yesu Kristo, ame si wohe ɖe ati ŋu la o.
3 Eye meva mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya me;
4 eye menye nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu, lae metsɔ ƒo nu alo tsɔ ɖe gbeƒãe o, ke boŋ le gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖe fia me,
5 bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ me.
6 Ke míele nu ƒom tso nunya ŋu le ame siwo tsi zu blibo la dome, gake menye nuɖoanyi sia ƒe nunya alo nuɖoanyi sia me dziɖulawo, siwo nu ava yi, la tɔ o.
7 Ke boŋ Mawu ƒe nunya, si woɖe fia le nya ɣaɣla kɔkɔe aɖe me, si nye nunya si le ɣaɣla, la ŋue míele nu ƒom tsoe, nunya si Mawu ɖo ɖi do ŋgɔ hena míaƒe ŋutikɔkɔe, hafi nuɖoanyiawo dze egɔme.
8 Nunya sia la, nuɖoanyi sia me dziɖulawo dometɔ aɖeke menyae o, elabena ne ɖe wonyae la, anye ne womehe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu o.
9 Gake abe ale si ko woŋlɔe ɖi ene la: “Nu siwo Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃nɛ la, ŋku mekpɔ wo o, eye to mese wo o, eye womeva ame ƒe dzi me hã o.”
10 Elabena míawoe Mawu ɖee fia to eƒe gbɔgbɔ la dzi, elabena gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔ, Mawu ƒe nu goglowo kura gɔ̃ hã.
11 Elabena amegbetɔwo dometɔ kae nya nu siwo le ame me, ne menye ame ƒe gbɔgbɔ si le eme la koe oa? Nenema kee ame aɖeke menya Mawu ƒe nuwo o, negbe Mawu ƒe gbɔgbɔ la koe.
12 Ke menye xexea ƒe gbɔgbɔ ye míexɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ, bene míanya nu siwo Mawu na mí dɔmenyotɔe la.
13 Nu siawoe míawo hã míegblɔna, eye menye amegbetɔwo ƒe nunyae míetsɔna gblɔa wo o, ke esiwo gbɔgbɔ la fia boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenyawo ɖea gbɔgbɔmenuwo me.
14 Gake ŋutilãmeme mexɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsitsi nɛ; eye mate ŋu anya wo o, elabena gbɔgbɔ lae fiaa mɔ ame le wo me dzodzro me.
15 Ke hã, gbɔgbɔmeme ya dzroa nuwo katã me kpɔ nyuie, gake ame aɖeke medzroa eya ŋutɔ ya me kpɔ o.
16 Elabena “ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, ne wòafia nui?” Gake míawo ya la, Kristo ƒe tamesusu le mía si.