1 Korintotɔwo 1:1-31
1 Paulo, ame si woyɔ be wòanye Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple mía nɔviŋutsu Sostene,
2 le esia ŋlɔm na Mawu ƒe hame si le Korinto, na mi ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, siwo woyɔ be mianye ame kɔkɔewo, kple ame siwo katã le mía Aƒetɔ Yesu Kristo, si nye woƒe Aƒetɔ kple míawo hã mía tɔ la, ƒe ŋkɔ yɔm le afi sia afi:
3 Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.
4 Medaa akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wona mi le Kristo Yesu me la ta;
5 be wona miezu kesinɔtɔwo le nu sia nu me le eyama me, le nuƒoƒo ƒe ŋutete katã kple sidzedze katã me,
6 abe ale si ko woli ke Kristo la ŋuti ɖaseɖiɖi la sesĩe le mia dome ene,
7 si wɔe be nunana aɖeke meli, si mele mia si o, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖe fia la lalam vevie.
8 Ana miali ke sesĩe hã va se ɖe nuwuwu, bene woagakpɔ nutsotso aɖeke le mia ŋu o, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.
9 Nyateƒetɔe Mawu nye, eye eyae yɔ mi vae, be miakpɔ gome kple Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la.
10 Azɔ mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye be mamawo naganɔ mia dome o, ke boŋ be miawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.
11 Elabena nɔvinyewo, Xloe ƒemetɔwo na menya be, nyahehe kple dzre le mia dome.
12 Nya si gblɔm mele lae nye esi: mia dometɔ ɖe sia ɖe gblɔna be: “Paulo tɔe menye,” “Nye ya Apolo tɔe menye,” “Nye ya Kefas tɔe menye,” “Nye ya Kristo tɔe menye.”
13 Ale Kristo la me ma le mia dome. Menye Paulo ye wohe ɖe ati ŋu ɖe mia ta o ɖe, alo eyaea? Alo Paulo ƒe ŋkɔ mee wonyrɔ mi ɖoa?
14 Medaa akpe be nyemenyrɔ mia dometɔ aɖeke o, negbe Krispo kple Gayo ko,
15 bene ame aɖeke nagagblɔ be nye ŋkɔ mee wonyrɔ mi ɖo o.
16 Ahã! Menyrɔ Stefana ƒe aƒe me tɔwo hã. Ke ame susɔeawo ya la, nyemenya ne menyrɔ ame bubu aɖe o.
17 Elabena Kristo medɔm, be manɔ amewo nyrɔm o, ke boŋ be manɔ nya nyui la gblɔm, menye kple nuƒoƒo ƒe nunya o, bene magana Kristo la ƒe fuwɔameti la nazu dzodzro o.
18 Elabena fuwɔameti la ŋuti nya nye bometsinya na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la, gake enye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo wole ɖeɖem ya.
19 Elabena woŋlɔ ɖi be: “Mana nunyalawo ƒe nunya dome nagblẽ, eye matu asi tagbɔɖaɖɛtɔwo ƒe nugɔmesese ɖe axa dzi.”
20 Afi kae nunyala la le? Afi kae agbalẽfiala la le? Afi kae nuɖoanyi sia me glãkahela la le? Ðe Mawu mena xexe sia me nunya zu bometsitsi oa?
21 Elabena esi xexea meto eƒe nunya dzi dze si Mawu o ta la, le Mawu ƒe nunya me la, Mawu kpɔe be enyo be yeato gbedeasi si wole gbeƒã ɖem la ƒe bometsinyanyenye dzi aɖe ame siwo le edzi xɔm le sesem la.
22 Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo hã dia nunya;
23 gake míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo si wohe ɖe ati ŋu la, wònye nukikli na Yudatɔwo, gake wònye bometsinya na dukɔwo ya;
24 ke hã, na ame siwo woyɔ, siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa la, eyae nye Kristo, Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.
25 Elabena nu si dze abe bometsinu ene tso Mawu gbɔ la nyaa nu wu amegbetɔwo, eye nu si dze abe nu si gbɔdzɔ ene tso Mawu gbɔ la sẽa ŋu wu amegbetɔwo.
26 Elabena mikpɔ mi ame siwo wòyɔ la ɖa, nɔviwo, be menye ame geɖe siwo nye nunyalawo le ŋutilã nu ye woyɔ o, menye ame geɖe siwo nye ŋusẽtɔwoe o, eye menye ame geɖe siwo nye bubumewo hãe o;
27 ke boŋ Mawu tia xexea ƒe bometsinuwo, bene wòado ŋukpe nunyalawo; eye Mawu tia xexea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu siwo ŋu ŋusẽ le;
28 eye Mawu tia xexea ƒe nu maɖinuwo kple nu siwo woɖia gbɔe, nu siwo womebuna nanekee o la, bene wòana nu siwo wobuna nu vevii la nazu nu gbɔlowo,
29 bene ŋutilã aɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ŋkume o.
30 Ke eyae na ƒomedodo le mia kple Kristo Yesu dome, ame si zu nunya tso Mawu gbɔ na mí, eye wònye dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple ɖeɖe to tafe dzi hã;
31 bene wòanɔ abe ale si tututu woŋlɔe ɖii ene be: “Ame si ƒoa adegbe la, neƒo adegbe le Yehowa me.”