Yesaya 16:1-14

  • Nya ɖe Moab ŋu dzi yiyi (1-14)

16  Miɖo agbo ɖe anyigbadziɖula la,Mikplɔe tso Sela miato gbegbeAyi Zion vinyɔnu ƒe to la dzi.  2  Abe xevi si wonya le eƒe atɔ me ene la,+Nenemae Moab vinyɔnuwo anɔ le Arnon tɔtsoƒewo.+  3  “Mide adaŋu, miwɔ nyametsotso la dzi. Mina miaƒe vɔvɔli le ŋdɔkutsu dzatsɛ nanɔ abe zã ene. Miɣla ame siwo ka hlẽ la; migade sisila aɖeke asi o.  4  Oo Moab, na nye ame siwo ka hlẽ la nanɔ mewò. Nànye bebeƒe na wo tso nugblẽla la si me.+ Ameteɖeanyila nu ayi,Gbegblẽ la nu atso,Ame siwo le amewo fanyam la atsrɔ̃ ɖa le anyigba la dzi.  5  Ekema woatsɔ lɔlɔ̃ mavɔ ali ke fiazikpui aɖe. Ame si abɔbɔ nɔ edzi le David ƒe agbadɔ me la anye nuteƒewɔla;+Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòatso kpla ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.”+  6  Míese Moab ŋkɔ be edana—edana ŋutɔ+Míese eƒe ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe dɔmedzoedodo;+Gake eƒe numeɖiɖi azu dzodzro.  7  Eya ta Moab afa na Moab.Moabtɔwo katã afa avi sesĩe.+ Ame siwo woƒo la afa konyi vevie ɖe Kir-Hareset+ ƒe waintsetse ƒuƒu kɔwo ta.  8  Elabena Hesbon+ ƒe toŋugblewo yrɔ,Sibma+ ƒe wainkawo,Dukɔwo ƒe dziɖulawo fanya eƒe alɔ siwo dzi waintsetse nyuitɔwo le;Wode Yazer+ ke;Wovu ɖo gbegbe. Eƒe alɔwo vu va ɖo atsiaƒu la gbɔ ke.  9  Esia tae mafa avi le Sibma ƒe wainka ŋu abe ale si mefa na Yazer ene. Oo, Hesbon kple Eleale,+ mafa aɖatsi ɖe mia dzi,Elabena ɣli si wodona ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo ŋu la nu yi.* 10  Woɖe dzidzɔ kple aseyetsotso ɖa le atikutsetsebɔ la me,Eye aseyetsotso alo ɣli aɖeke mele ɖiɖim le waingblewo me o.+ Wainfiãla megafiãa wain le wainfiãnuwo me o.Elabena metsi ɣlidodo nu.+ 11  Esia tae nye dɔme le gbe ɖem ɖe Moab+ ŋuAbe saŋku ƒe ɖiɖi ene,Eye nye ƒodome hã le gbe ɖem ɖe Kir-Hareset+ ŋu. 12  Ne nu te Moab ŋu belibeli le togbɛ la dzi, eye wòva eƒe nuxeƒe la be yeado gbe ɖa hã la, eƒe gbedodoɖaa maɖe vi aɖeke o.+ 13  Esiae nye nya si Yehowa gblɔ ɖe Moab ŋu tsã. 14  Azɔ Yehowa gblɔ be: “Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe apaɖila ƒe ƒe ene la,* woaɖi gbɔ Moab ƒe atsyɔ̃ le zitɔtɔ ƒomevi geɖewo me, eye ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ, eye womaɖi naneke o.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Elabena aʋaɣli ɖi ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo dzi.”
Alo, “abe ale si apaɖila bua ƒee ene.”