Psalmowo 84:1-12

  • Ale si Mawu ƒe avɔgbadɔ gã la dzroa amee

    • Lewi vi aɖe ƒe didi be yeanɔ abe xevi ene (3)

    • “Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu” (10)

    • “Mawu nye míaƒe ɣe kple míaƒe akpoxɔnu” (11)

Na henɔ la; ɖe Gitit* ƒe gbe nu. Kora viwo+ ƒe ha. 84  Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,Aleke gbegbe wò avɔgbadɔ gã la nyo ŋunye* ye nye esi!+  2  Yehowa ƒe xɔxɔnuwo+Le nye ame bliboa dzrom* vevie.Ɛ̃, ele dzroyem ʋuu wòti kɔ nam. Nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.  3  Xevi gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe le afi ma,Eye sagbadre wɔ atɔ na eɖokui,Afi si wònyia viawo leLe wò vɔsamlekpui gã la gbɔ, Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,Nye Fia, kple nye Mawu!  4  Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le aƒewò me!+ Wole kafuwòm ɖaa.+ (Sela)  5  Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò,+Ame siwo ƒe dzi le mɔ gã siwo yi aƒewò me la ŋu.  6  Ne woto Baka Bali me* la,Wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe;Eye kelemetsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ nɛ.*  7  Wonɔa azɔli dzi eye woƒe ŋusẽ nɔa dzidzim ɖe edzi;+Wo dometɔ ɖe sia ɖe dona ɖe Mawu ŋkume le Zion.  8  Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, se nye gbedodoɖa;Oo Yakob ƒe Mawu, see. (Sela)  9  Mía Mawu kple míaƒe akpoxɔnu,+ kpɔ ɖa,*Kpɔ wò amesiamina la ƒe mo.+ 10  Elabena ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu ŋkeke akpe ɖeka le teƒe bubu!+ Metiae be matɔ ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe aƒe me,Wu be manɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔ me. 11  Elabena Yehowa Mawu nye míaƒe ɣe+ kple míaƒe akpoxɔnu;+Amenuveve kple bubue wònana. Yehowa mate nu nyui aɖekeAme siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.+ 12  Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,Dzidzɔtɔe nye ame si ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “lé dzi nam.”
^ Alo, “le nye luʋɔ dzrom.”
^ Alo, “bali si me bakatiwo le.”
^ Agate ŋu afia, “Eye nufiala la tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃e na eɖokui.”
^ Agate ŋu afia, “Oo Mawu, kpɔ míaƒe akpoxɔnu la ɖa.”