Psalmowo 77:1-20

  • Gbedodoɖa le nuxaɣi

    • Ŋugbledede le Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu (11, 12)

    • ‘Oo Mawu, ame kae de nuwò?’ (13)

Na henɔ la; Yedutun.* Asaf+ ƒe ha. 77  Mafa avi na Mawu sesĩe;Mawue mafa avi na, eye aɖo tom.+  2  Medi Yehowa le gbe si gbe meɖo xaxa me.+ Le zã me la, meke nye abɔwo me nɛ ʋuu.* Megbe be woagafa akɔ nam* o.  3  Ne meɖo ŋku Mawu dzi la, meɖea hũ;+Metsia dzimaɖi, eye ŋusẽ vɔna le ŋunye.+ (Sela)  4  Èke nye ŋkuyiwo ɖe te;Metɔtɔ, eye gbɔgblɔ bu ɖem.  5  Nye susu yi blemaŋkekewo dzi,+Meɖo ŋku gbe aɖe gbe ƒewo dzi.  6  Meɖoa ŋku ha siwo meƒona la dzi le zã me;+Medea ŋugble le nye dzi me;+Eye medzroa wo me* tsitotsito.  7  Ðe Yehowa atsɔ mí aƒu gbe tegbeea?+ Eye magave mía nu gbeɖegbeɖe oa?+  8  Ðe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la nu yi keŋkeŋua? Ðe eƒe ŋugbedodo azu dzodzro na dzidzimeawo katã?  9  Ðe Mawu ŋlɔ eƒe amenuveve bea?+Alo ɖe eƒe dziku wɔe be wòdzudzɔ nublanuikpɔkpɔa? (Sela) 10  Ðe wòle be manɔ gbɔgblɔm be, “Etena ɖe dzinye vevie be,*+ Dziƒoʋĩtɔ la trɔ eƒe nɔnɔme* ɖe mía ŋu” mahã? 11  Maɖo ŋku Yah ƒe dɔwɔwɔwo dzi;Maɖo ŋku nu wɔnuku siwo nèwɔ le blema ke la dzi. 12  Made ŋugble le wò dɔwɔwɔ blibo la katã ŋuEye mabu tame le wò nuwɔnawo ŋu.+ 13  Oo Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe. Oo Mawu, mawu kae lolo de nuwò?+ 14  Wòe nye Mawu vavã si wɔa nukunuwo.+ Èɖe wò ŋusẽ fia dukɔwo.+ 15  Ètsɔ wò ŋusẽ* xɔ na wò dukɔ la,*+Ame siwo nye Yakob kple Yosef viwo. (Sela) 16  Tsiwo kpɔ wò, Oo Mawu;Tsiwo kpɔ wò, eye wonyra.+ Eye tɔ goglowo hã dze agbo. 17  Alilikpowo dza tsi bababa. Dzi ɖe gbe tso alilikpowo me,Eye wò aŋutrɔwo le ʋɔ lũm le goawo katã me.+ 18  Wò dziɖegbe+ ɖina abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene;Dzikedzowo klẽ ɖe anyigba* la dzi;+Anyigba dzo kpekpekpe, eye wòʋuʋu.+ 19  Wò mɔ to atsiaƒu me,+Wò toƒe to tɔ geɖewo me;Ke hã, womedzea si wò afɔteƒewo o. 20  Èkplɔ wò dukɔ la abe alẽha ene,+Le Mose kple Aron ƒe kpɔkplɔ te.*+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Kpɔ Nya Tɔxɔwo Gɔmeɖeƒea.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “abɔ mekum o.”
^ Alo, “na nye luʋɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye gbɔgbɔ dzroa wo me.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe nuɖusi.”
^ Alo, “Nu si ƒona ɖem ye nye be.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “alɔ.”
^ Alo, “gbugbɔ wò dukɔ la xɔ.”
^ Alo, “anyigba wɔnu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “To Mose kple Aron ƒe asi dzi.”