Psalmowo 7:1-17

  • Yehowa nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe

    • “Drɔ̃ ʋɔnum, O Yehowa” (8)

David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta. 7  Oo Yehowa nye Mawu, wòe mesi tso.+ Ðem tso yonyemetilawo katã si me, eye nàxɔ nam.+  2  Ne menye nenema o la, woavuvum* ʋayaʋaya abe ale si dzata vuvua nui ene,+Eye woalém adzoe le esi xɔnametɔ aɖeke meli o ta.  3  Oo Yehowa, nye Mawu, ne tɔnye medzɔ le esia me o,Ne mewɔ nu madzɔmadzɔ aɖe,  4  Ne meda vo ɖe ame si wɔ nyui nam la ŋuti,+Alo meha nye futɔ madzemadzee la,*  5  Ekema futɔ la neti yonyeme* eye eƒe asi nesu dzinye;Ne wòafanyam ɖe anyigba,Eye wòate nye bubu ɖe ke me. (Sela)  6  Oo Yehowa, tso le wò dziku me;Tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋu;+Dzɔ ŋunye, ne nàna woatso afia dzɔdzɔe nam.+  7  Na dukɔwo naƒo xlã wò;Eye nàtso dziƒo ʋĩi aho ɖe wo ŋu.  8  Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.+ Oo Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye nu,Le nye fɔmaɖimaɖi la nu.+  9  Meɖe kuku, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso. Ke na ame dzɔdzɔe la nali ke,+Elabena wòe nye Mawu dzɔdzɔetɔ la,+ ame si dzroa dziwo+ kple seselelãme ememetɔwo kpɔna.*+ 10  Mawue nye nye akpoxɔnu,+ eya, si nye dzi dzɔdzɔe tɔwo Xɔla.+ 11  Mawu nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe,+Eye Mawu gblɔa eƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo* ɣesiaɣi. 12  Ne ame aɖe gbe dzimetɔtrɔ la,+ enyrea eƒe yi;+Evu eƒe da me, eye wòna wòsɔ gbe na dada.+ 13  Edzra eƒe lãnuwo ɖo ɖi,Ena eƒe aŋutrɔ bibiawo sɔ gbe.+ 14  Kpɔ ame si fɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fu la ɖa;Efɔ xaxa ƒe fu, eye wòdzi alakpa.+ 15  Eɖe ʋe, eye wòku eme wògoglo;Gake eya ŋutɔ ge dze ʋe si wòɖe la me.+ 16  Vɔ̃ la atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi;+Eye eƒe ŋutasesẽ ava dze eya ŋutɔ ƒe dzodome. 17  Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta;+Eye madzi kafukafuha* na Yehowa,+ Dziƒoʋĩtɔ la,+ ƒe ŋkɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “woavuvu nye luʋɔ.”
^ Agate ŋu afia, “Evɔ meɖe asi le ame si boŋ lé fum madzemadzee ŋu la.”
^ Alo, “nye luʋɔ yome.”
^ Alo, “ame si doa dziwo kple ayikuwo kpɔna.”
^ Alo, “kɔa fɔbuamenyawo ɖi.”
^ Alo, “maƒo ha.”