Psalmowo 67:1-7

  • Woavɔ̃ Mawu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu

    • Woanya Mawu ƒe mɔwo (2)

    • ‘Dukɔwo katã nekafu Mawu’ (3,5)

    • “Mawu ayra mí” (6, 7)

Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Kafukafuha. Hadzidzi. 67  Mawu ave mía nu, eye wòayra mí;Ana eƒe mo naklẽ na mí+ (Sela)  2  Ale be woanya wò mɔ le anyigba bliboa dzi,+Kple wò xɔxɔdɔwo le dukɔwo katã dome.+  3  Oo Mawu, dukɔwo nekafu wò;Dukɔwo katã nekafu wò.  4  Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ ahatso aseye,+Elabena àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.+ Àkplɔ anyigbadzidukɔwo. (Sela)  5  Oo Mawu, dukɔwo nekafu wò;Dukɔwo katã nekafu wò.  6  Anyigba awɔ nu;+Mawu, mía Mawu, ayra mí.+  7  Mawu ayra mí,Eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã avɔ̃e.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ade bubu eŋu.”