Psalmowo 62:1-12

  • Xɔname vavãtɔ tsoa Mawu gbɔ

    • “Mezi kpi kpoo le Mawu sinu kpɔm” (1, 5)

    • ‘Mitrɔ miaƒe dzimenyawo ƒo ɖe eŋkume’ (8)

    • Ƒuƒu ko amegbetɔwo nye (9)

    • Migaɖo dzi ɖe kesinɔnuwo ŋu o (10)

Na henɔ la; Yedutun.* David ƒe ha. 62  Nyateƒee, mezi kpi* kpoo le Mawu sinu kpɔm. Eya gbɔe nye xɔname tsona.+  2  Nyateƒee, eyae nye nye agakpe, nye xɔnametɔ, nye mɔ́ sesẽ,+Eya ta nyemaʋã akpa o.+  3  Va se ɖe ɣekaɣie mianɔ ame ɖeka dzi dzem, be yewoawui?+ Mi katã vɔvɔ̃ le mia ŋu abe gli si tre azã ene, abe glikpɔ si le mumum ene.*  4  Elabena wode adaŋu ne woamui aƒu anyi tso eƒe ɖoƒe kɔkɔ la;Alakpadada vivia wo nu. Wotsɔa woƒe nu yraa ame, evɔ wodoa ɖiŋu na ame le dzi me.+ (Sela)  5  Nyateƒee, mezi kpi kpoo le Mawu sinu kpɔm,*+Elabena eya gbɔe nye mɔkpɔkpɔ tsona.+  6  Nyateƒee, eyae nye nye agakpe, nye xɔnametɔ, nye mɔ́ sesẽ,Eya ta nyemaʋã gbeɖe o.+  7  Mawu gbɔe nye xɔname kple nye bubu atso. Mawue nye nye agakpe kple nye sitsoƒe.+  8  Oo mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣeawokatãɣi. Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.+ Mawue nye míaƒe sitsoƒe.+ (Sela)  9  Ƒuƒu koe amegbetɔviwo nye,Amegbetɔƒomea nye sitsoƒe dzodzrowo.+ Ne woda wo katã le nudanu me la, wole wodzoe wu ƒuƒu.+ 10  Migaɖo ŋu ɖe ametafatafa ŋu oAlo ada miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe adzodada dzi o. Ne miaƒe kesinɔnu dzi ɖe edzi la, migaɖo dzi ɖe eŋu o.+ 11  Mawu ƒo nu zi ɖeka, zi evee mese nya sia: Be Mawu tɔe nye ŋusẽ.+ 12  Azɔ hã, Oo Yehowa, wò lɔlɔ̃ nu metsina o,+Elabena èɖoa eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “nye luʋɔ zi kpi.”
^ Agate ŋu afia, “Mi katã mianɔ abe gli si viã ene, abe glikpɔ si le mumum la ene.”
^ Alo, “Oo luʋɔnye, zi kpi kpoo nàkpɔ Mawu sinu.”