Psalmowo 39:1-13

  • Agbe le kpuie

    • Ƒuƒu ko amegbetɔwo nye (5, 11)

    • “Mègaɖe ŋku ɖa le nye aɖatsiwo ŋu o” (12)

Na henɔ la; Yedutun.*+ David ƒe ha. 39  Mebe: “Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu,Be nyemawɔ nu vɔ̃ kple nye aɖe o.+ Made ga nye nu,+Zi ale si ame vɔ̃ɖi la le ŋkunyeme.”  2  Ðoɖoe zi le nunye klenee;+Mezi ɖoɖoe le nya nyui gɔ̃ hã ŋu,Ke hã nye vevesesewo nu sẽ ɖe edzi.  3  Nye dzi ʋu dzo le dɔ me nam. Zi ale si mele eŋu bum la,* zi nenemae wògaʋua dzo ɖe edzii. Azɔ meke nu gblɔ be:  4  “Oo Yehowa, na manya nye nuwuwu,Kple nye agbemeŋkekewo ƒe didime,+Ne manya ale si nye agbe le kpuie.*  5  Ɛ̃, èwɔ nye ŋkekewo wole ʋɛe;*+Eye nye agbenɔƒewo menye naneke le ŋkuwòme o.+ Vavãe, ne edze abe ɖe amegbetɔ li ke ene hã la, ƒuƒu ko wònye.+ (Sela)  6  Vavãe, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene. Ele dagbadagbam dzodzro. Eli kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle, evɔ menya ame ka si me woava yi o.+  7  Ke azɔ Oo Yehowa, nu kae mele mɔ kpɔm na? Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na.  8  Ðem tso nye dzidadawo katã me.+ Mègana mazu alɔmeɖenu na bometsila o.  9  Mezi ɖoɖoe;Nyemete ŋu ke nu o,+Elabena gbɔwòe esia tso.+ 10  Ðe xaxa si nèna wòva dzinye la ɖa. Nu te ŋunye belibeli, elabena wò asi le dzinye. 11  Ètsɔ tohehe ɖɔ ame ɖo le eƒe vodada ta;+Eye nègblẽ eƒe nu nyuiwo dome abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye.+ (Sela) 12  Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa,Eye nàƒu to anyi ɖe nye ɣlidodo ŋu.+ Mègaɖe ŋku ɖa le nye aɖatsiwo ŋu o. Elabena amedzro ko menye na wò,+Eye ɖe metso eme va yina,* abe tɔgbuinyewo katã ko ene.+ 13  Ðe ŋku ɖa le ŋunye, ne makpɔ dzidzɔ vie,Hafi nunye nayi, eye nyemaganɔ anyi o.”

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “Zi ale si mele hũ ɖem la.”
^ Alo, “ale si nunye ava yi kabae.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “wonye asi ƒe kekeme.”
^ Alo, “ɖe meʋu va tsi anyi.”