Psalmowo 30:1-12

  • Konyifafa trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ

    • Mawu ƒe amenuveve nɔa anyi le ame ƒe agbenɔɣi katã (5)

Xɔŋukɔha. David ƒe ha. 30  Oo Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe;Eye mèna nye futɔwo tso aseye le tanye o.+  2  Oo Yehowa, nye Mawu, medo ɣli na wò, eye nèda gbe le ŋunye.+  3  Oo Yehowa, wòe kɔm* doe tso Tsiẽƒe;*+Èxɔm ɖe agbe; mèna meyi aʋli me o.+  4  Midzi kafukafuha* na Yehowa, mi eƒe nuteƒewɔlawo,+Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la;*+  5  Elabena ne edo dziku ɖe ame ŋu hã, enu mesena yina o,+Ke eƒe amenuveve* ya nɔa anyi le ame ƒe agbenɔɣi katã.+ Avi ate ŋu adzɔ le fiẽ, ke aseyetsotso vaa aƒe le ŋdi.+  6  Ke nye la, megblɔ le nye dziɖeɖiɣi be: “Nyemaʋã* akpɔ o.”  7  Oo Yehowa, esi nève nunye* la, èna meli ke sesĩe abe to ene.+ Gake esi nèɣla wò ŋkume la, dzidzi ƒom.+  8  Oo Yehowa, wò yɔm mele;+Yehowa, wòe mele koko ƒom na be nàve nunye.  9  Viɖe kae wòanye ne meku,* ne meyi yɔdo me?+ Ðe ʋuʋudedi akafu wòa?+ Ðe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?+ 10  Oo Yehowa, see, eye nàve nunye.+ Oo Yehowa, kpe ɖe ŋunye.+ 11  Ètrɔ nye konyifafa zu ɣeɖuɖu;Èɖe nye akpanya le ŋunye, eye nèta dzidzɔ nam abe avɔ ene, 12  Ale be madzi ha* akafu wò, eye ɖoɖoe mazi le nunye o. Oo Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “wòe kɔ nye luʋɔ.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Miƒo ha.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mida akpe ɖe eƒe ŋkuɖodzi kɔkɔe ta.”
^ Alo, “ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu.”
^ Alo, “Nyemaʋuʋu.”
^ Alo, “esi nèkpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Viɖe kae anɔ nye ʋu ŋu.”
^ Alo, “nye bubu nadzi ha.”