Psalmowo 27:1-14

  • Yehowae nye mɔ́ sesẽ na nye agbe

    • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa ŋu (4)

    • Yehowa axɔm ne dzinyelawo gblẽm ɖi (10)

    • “Kpɔ mɔ na Yehowa” (14)

David ƒe ha. 27  Yehowae nye nye kekeli+ kple nye xɔname. Ame kae mavɔ̃?+ Yehowae nye mɔ́ sesẽ na nye agbe.+ Ame kae adzi ŋɔ nam?  2  Ne ame vlowo dze dzinye be yewoavuvum la,+Nye ketɔwo kple nye futɔwo ŋutɔwoe akli nu adze anyi.  3  Ne aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe ŋunye hã la,Dzika matso ƒonye o.+ Ne woho aʋa ɖe ŋunye hã,Dzi akpɔtɔ anɔ ƒonye.  4  Nu ɖeka mebia Yehowa—Eyae mele mɔ kpɔm na,Be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me,+Ne makpɔ Yehowa ƒe atsyɔ̃,*Eye malé ŋku ɖe eƒe gbedoxɔ la ŋu ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.*+  5  Elabena atsɔm aɣla ɖe eƒe nɔƒe le vɔ̃dzɔgbe;+Aɣlam ɖe bebeƒe le eƒe agbadɔ me;+Akɔm aɖo agakpe kɔkɔ dzi.+  6  Azɔ la, nye ta kɔ dzi gbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta;Matsɔ aseyetsotso asa vɔwo le eƒe agbadɔ me;Madzi kafukafuha* na Yehowa.  7  Oo Yehowa, ne medo ɣli yɔ wò la, see;+Ve nunye, eye nàtɔ nam.+  8  Nye dzi gblɔ nam le ŋuwò be: “Midi ŋkunyeme.” Oo Yehowa, madi ŋkuwòme.+  9  Mègaɣla wò ŋkume ɖem o.+ Mègatrɔ wò subɔla ɖo ɖa le dziku me o. Wòe nye nye kpeɖeŋutɔ;+Oo Mawu, nye xɔnametɔ, mègagblẽm ɖi alo agbe nu le gbɔnye o. 10  Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la,+Yehowa ya axɔm.+ 11  Oo Yehowa, fia wò mɔm,+Eye nàkplɔm to toƒe dzɔdzɔe le nye futɔwo ta. 12  Mègatsɔm de asi na nye ketɔwo o,*+Elabena aʋatsoɖasefowo tso ɖe ŋunye,+Eye wotsɔ ŋutasesẽ le ŋɔdzi dom nam. 13  Afi kae manɔ ne ɖe xɔse mele asinyeBe makpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o?*+ 14  Kpɔ mɔ na Yehowa;+Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo.+ Ɛ̃, kpɔ mɔ na Yehowa.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “nyonyo.”
^ Alo, “ahayi ŋugble me.”
^ Alo, “Maƒo ha.”
^ Alo, “na nye ketɔwo ƒe luʋɔ o.”
^ Agate ŋu afia, “Meka ɖe edzi be makpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”