Psalmowo 16:1-11

  • Yehowa, nu nyuiwo Tsoƒe

    • “Yehowae nye nye gome” (5)

    • ‘Nye dzimesusuwo ɖɔam ɖo le zã me’ (7)

    • ‘Yehowa le nye ɖusime’ (8)

    • “Màgblẽm ɖe Tsiẽƒe o” (10)

David ƒe miktam.* 16  Oo Mawu, kpɔ tanye, elabena wòe mesi tso.+  2  Megblɔ na Yehowa be: “Wòe nye Yehowa, wò ɖeka ko gbɔe nu nyuiwo tsona nam.  3  Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi,Siwo nye bubumewo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.”+  4  Vevesesewo dzina ɖe edzi na ame siwo dzea mawu bubuwo yome.+ Nyemaƒo woƒe ʋuvɔsa ɖi na wo o,Eye nye nu mayɔ woƒe ŋkɔwo o.+  5  Yehowae nye nye gome, domenyinu si wodzidze nam+ kple nye kplu.+ Wòe kpɔa nye domenyinu la ta.  6  Wodzidze nyuiƒewo nam. Nyateƒee, nye domenyinu la dze ŋunye.+  7  Makafu Yehowa, ame si ɖo aɖaŋu nam.+ Le zã me hã, nye dzimesusuwo* ɖɔam ɖo.+  8  Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunyeme ɖaa.+ Esi wòle nye ɖusime ta la, nyemaʋã* akpɔ o.+  9  Eya ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye ameti bliboa le aseye tsom.* Eye manɔ* dedie. 10  Elabena màgblẽm* ɖe Tsiẽƒe* o.+ Màna wò nuteƒewɔla la nakpɔ yɔdo o.*+ 11  Èna menya agbemɔ la,+ Dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwòme;+Vivisese le wò ɖusime tegbee.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “seselelãme ememetɔwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayikuwo.”
^ Alo, “nyemaʋuʋu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye bubu atso aseye.”
^ Alo, “nye ŋutilã li.”
^ Alo, “màgblẽ nye luʋɔ.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Agate ŋu afia, “nanyunyɔ o.”