Psalmowo 139:1-24

  • Mawu nya esubɔlawo nyuie

    • Ame aɖeke masi le Mawu ƒe gbɔgbɔ la nu o (7)

    • Ewɔm nukutɔe (14)

    • ‘Ekpɔm esime menye ʋukɔe’ (16)

    • “Kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi” (24)

Na henɔ la. David ƒe ha. 139  Oo Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim nyuie.+  2  Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi.+ Èdze si nye susuwo tso adzɔge ʋĩi ke.+  3  Èlé ŋku ɖe* nye gododo kple nye anyimɔmlɔ ŋu;Eye nye mɔwo katã le nyanya na wò nyuie.+  4  Hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la,Oo Yehowa, ènya wo katã nyuie xoxo.+  5  Èle ŋunye godoo, le megbe kple ŋgɔ siaa;Eye nèda wò asi ɖe dzinye.  6  Esia nyanya gbɔ nye gɔmesese ŋu.* Ekɔkɔ nam akpa nyemate ŋu aɖo afi ma o.*+  7  Afi kae madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi,Eye afi kae masi le ŋkuwòme ayi?+  8  Ne melia yi dziƒo la, èle afi ma,Eye ne meɖo nye aba ɖe Tsiẽƒe* la, kpɔ ɖa, èle afi ma.+  9  Ne metsɔ agudzedze ƒe aʋalawo dzo,Be mayi aɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la, 10  Wò asi akplɔm le afi ma hã,Eye wò nuɖusi além ɖe te.+ 11  Ne mebe, “Viviti atsyɔ dzinye!” la, Ekema zã si do ɖem azu kekeli. 12  Viviti gɔ̃ hã medo blukɔ na wò o,Ke boŋ zã me akɔ na wò abe ŋkeke me ene;+Viviti le na wò ko abe kekeli ene.+ 13  Elabena wòe wɔ nye ayikuwo;Ètsɔ nu xe ŋunye* le danye ƒe dɔ me.+ 14  Mekafu wò, elabena ale si nèwɔm la dzi ŋɔ eye wòwɔ nuku.+ Wò dɔwɔwɔwo wɔ nuku,+Eye menya* esia nyuie. 15  Nye ƒuwo mele ɣaɣla ɖe wòEsime wowɔm le ɣaɣlaƒe,Esime wolɔ̃ nye ŋutinuwo ɖe wo nɔewo me le anyigba tume o.+ 16  Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe;Eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me,Le ŋkeke siwo me wowɔ wo,Esime wo dometɔ aɖeke medo haɖe o. 17  Eya ta wò susuwo xɔ asi nam loo!+ Oo Mawu, aleke gbegbe wosɔ gbɔe nye esi!+ 18  Ne mebe maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu kekuiwo.+ Ne menyɔ hã, gbɔwò ko mekpɔtɔ le.*+ 19  Oo Mawu, ne ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi la ɖe!+ Ekema ŋutasẽlawo* ate ɖa le gbɔnye, 20  Wo, ame siwo tsɔa susu vɔ̃ gblɔa nya vlowo ɖe ŋuwò;*Woawoe nye wò ketɔ siwo yɔa wò ŋkɔ la dzodzro.+ 21  Oo Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo léa fu wò la oa,+Eye ɖe nyemenyɔa ŋu ame siwo dzea aglã ɖe ŋuwò la oa?+ 22  Melé fu wo kaɖikaɖi;+Futɔ ŋutɔŋutɔwoe wozu nam. 23  Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi.+ Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa.*+ 24  Ne nàkpɔe ɖa be mɔ vɔ̃ɖi aɖe le menye hã,+Ne nàkplɔm+ to mɔ tegbeetɔ la dzi.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Èdzidze.”
^ Alo, “wɔ nuku nam akpa.”
^ Alo, “nyemate ŋu ase egɔme o.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Agate ŋu afia, “Wòe lɔ̃ nye ŋutinuwo ɖe wo nɔewo me.”
^ Alo, “nye luʋɔ dze si.”
^ Agate ŋu afia, “mekpɔtɔ le wo xlẽm.”
^ Alo, “ʋukɔɖilawo.”
^ Alo, “ame siwo gblɔa nya vlowo ɖe ŋuwò le woƒe susu nu.”
^ Alo, “ne nu geɖe le fu ɖem na nye susu.”