Psalmowo 128:1-6

  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me

    • Srɔ̃nyɔnu anɔ abe wainka si tsena ene (3)

    • “Àkpɔ Yerusalem ƒe nyonyo” (5)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 128  Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa,+Ame si zɔa eƒe mɔwo dzi.+  2  Àɖu wò ŋutɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒe kutsetse. Dzi adzɔ wò, eye eme anyo na wò.+  3  Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tsena kplanya ene le aƒewò me;+Viwòwo anɔ abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.  4  Kpɔ ɖa! Aleae woayra ŋutsuSi vɔ̃a Yehowa.+  5  Yehowa ayra wò tso Zion. Àkpɔ Yerusalem ƒe nyonyo le wò agbemeŋkekewo katã me+  6  Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Etenuŋɔŋlɔ