Psalmowo 110:1-7
David ƒe ha.
110 Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be:
“Bɔbɔ nɔ nye ɖusime,+Va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”+
2 Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖa tso Zion agblɔ be:
“Yi ɖaɖu dzi le wò futɔwo titina.”+
3 Wò dukɔ atsɔ wo ɖokuiwo ana faa le wò aʋakpegbe.
Wò ɖekakpuiwo ƒe ha ado na wò abe zãmu ƒe tagegewo eneLe atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me tso agudzedze ƒe dɔme.
4 Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu o,* be:
“Nunɔlae nènye+Abe Melkizedek ene tegbee!”+
5 Yehowa anɔ wò ɖusime;+Agbã fiawo gudugudu le eƒe dɔmedzoedogbe.+
6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo;*+Ana ame kukuwo nayɔ wo me taŋ.+
Agbã anyigba gã la* ƒe amegã* la gudugudu.
7 Tɔʋu si le mɔa dzi la me tsie wòano.*
Eya ta afɔ ta dzi.

