Psalmowo 105:1-45

  • Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ na eƒe amewo

    • Mawu ɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi (8-10)

    • “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o” (15)

    • Mawu zã Yosef si nye kluvi la (17-22)

    • Mawu ƒe nukunuwo le Egipte (23-36)

    • Israel ƒe ʋuʋu tso Egipte (37-39)

    • Mawu ɖo ŋku ŋugbe si wòdo na Abraham dzi (42)

105  Mida akpe na Yehowa,+ miyɔ eŋkɔ,Miɖe gbeƒã eƒe nuwɔwɔwo le dukɔwo dome!+  2  Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha* nɛ,Mide ŋugble le eƒe nukudɔwɔwɔwo katã ŋu.*+  3  Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee.+ Ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ.+  4  Mibia Yehowa+ kple eƒe ŋusẽ ta se. Midi eƒe ŋkume ɖaa.  5  Miɖo ŋku dɔ siwo wòwɔ la dzi,Eƒe nukunuwo kple eƒe afiatsotsowo,+  6  Mi eƒe subɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo,+Mi eƒe ame tiatiawo, Yakob viwo.+  7  Eyae nye Yehowa mía Mawu.+ Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo xɔ anyigba la katã dzi.+  8  Eɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi ɖaa,+Eɖoa ŋku ŋugbe si wòdo* na dzidzime akpewo,+  9  Nu, si wòbla kple Abraham,+Kple atam si wòka na Isak la dzi,+ 10  Atam si dzi wòɖo kpee wònye se na YakobEye wònye nubabla si anɔ anyi ɖaa na Israel, 11  Esi wògblɔ be, “Wòe matsɔ Kanaan-nyigba la ana+Wòanye miaƒe domenyinu.”+ 12  Womede ha ɣemaɣi o,+Ɛ̃, wonɔ ʋɛ ŋutɔ, eye wonye amedzrowo le anyigba la dzi.+ 13  Wonɔ tsatsam tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ,Tso fiaɖuƒe ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ.+ 14  Meɖe mɔ ame aɖeke te wo ɖe anyi o,+Ke boŋ eka mo na fiawo le wo ta,+ 15  Esi wògblɔ be, “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,Eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye nyagblɔɖilawo o.”+ 16  Eyɔ dɔwuame va anyigba la dzi;+Exe mɔ ɖe woƒe nuɖuɖutsoƒewo katã nu.* 17  Edɔ ŋutsu aɖe ɖe wo ŋgɔ,Yosef, si wotsɔ dzra kluvii.+ 18  Wode kunyowu* eƒe afɔwo,+Eye wònɔ kɔsɔkɔsɔ me;* 19  Va se ɖe esime eƒe nya va eme,+Yehowa ƒe nya lae dza eŋu. 20  Fia la dɔ ame ɖa be woaɖe gae,+Dukɔwo ƒe dziɖula la na ablɔɖee. 21  Etsɔe ɖo aƒetɔ ɖe eƒe aƒe la nu,Kple eƒe nuwo katã dzi kpɔla,+ 22  Ne wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe amegãwo dzi ale si dze eŋu,*Ne wòafia nunya eƒe ametsitsiwo.+ 23  Eyome Israel ʋu va Egipte,+Eye Yakob va zu amedzro le Ham-nyigba dzi. 24  Mawu na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi ŋutɔ;+Ena wova sesẽ wu woƒe ketɔwo,+ 25  Ame siwo ƒe dzi wòtrɔ bubui, ne woalé fu eƒe dukɔ la,Ne woaɖo nugbe ɖe eƒe subɔlawo ŋu.+ 26  Edɔ eƒe subɔla Mose,+Kple Aron+ si wòtia la. 27  Wowɔ eƒe dzesiwo le wo dome,Eƒe nukunuwo le Ham-nyigba dzi.+ 28  Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do;+Womegbe eƒe nya dzi wɔwɔ o. 29  Etrɔ woƒe tsiwo wozu ʋuEye wòna woƒe tɔmelãwo ku.+ 30  Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,+Keke woƒe fiawo ƒe xɔgãwo me ke hã. 31  Egblɔ be togbatowo navaKple muwo hã, ne woaxɔ woƒe nutowo katã me.+ 32  Ena kpetsi dza ɖe tsidzadza teƒeEye wòɖo dzikedzo* ɖe woƒe anyigba la dzi.+ 33  Egblẽ woƒe wainkawo kple woƒe gbotiwo katã,Eye wòŋe atiwo le woƒe anyigba la dzi. 34  Egblɔ be ʋetsuviwo nado,Ɛ̃, ʋetrawo do bibibi.+ 35  Woɖu woƒe anyigbadzinu miemiewo katã,Eye woɖu woƒe agblemenukuwo keŋkeŋ. 36  Ewu ŋgɔgbeviwo katã le woƒe anyigba dzi,+Ame siwo nye woƒe vidziŋusẽ ƒe gɔmedzedze. 37  Ekplɔ eƒe dukɔ dzoe kple klosalo kpakple sika;+Eye ame aɖeke menɔ eƒe toawo me si kli nu le mɔa dzi o. 38  Esi wodzo la, dzi dzɔ Egipte,Elabena Israel ƒe* ŋɔdzi lé wo.+ 39  Ekeke alilikpo tsɔ tso wo dome+ Kple dzo, be wòaklẽ na wo le zã me.+ 40  Wobia, eye wòkplɔ tegliwo vɛ na wo;+Enaa abolo wo tso dziƒo wòɖia ƒo na wo.+ 41  Eʋu agakpe nu, eye tsi do bababa,+Eye wòsi to kuɖiɖinyigba la dzi abe tɔsisi ene.+ 42  Elabena eɖo ŋku ŋugbe kɔkɔe si wòdo na esubɔla Abraham la dzi.+ 43  Ale wòkplɔ eƒe dukɔ la dzoe le dzidzɔ me,+Kple eƒe ame tiatiawo le aseyetsotso me. 44  Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo;+Eye nu siwo dukɔwo wɔ dɔ sesẽ kpɔ la zu woƒe domenyinu,+ 45  Ne woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,+Eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yah!*

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “miƒo ha.”
^ Agate ŋu afia, “Miƒo nu tso eƒe dɔ wɔnukuwo katã ŋu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya si ŋu wòde se le.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eŋe ati siwo katã ŋu wotsi abolo ɖo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wowɔ fu.”
^ Alo, “Eƒe luʋɔ nɔ kɔsɔkɔsɔ me.”
^ Alo, “ale si dze eƒe luʋɔ ŋu.”
^ Alo, “dzoƒaɖewo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Elabena woƒe.”
^ Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.