Psalmowo 102:1-28

  • Ame si wote ɖe anyi si mɔkpɔkpɔ bu ɖo ƒe gbedodoɖa

    • ‘Mele abe xevi tsiakogo ene’ (7)

    • “Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli si nu le yiyim ene” (11)

    • “Yehowa agbugbɔ Zion atso” (16)

    • Yehowa li ɖaa tegbee (26, 27)

Ame si hiã tu ƒe gbedodoɖa, ne mɔkpɔkpɔ bu ɖee,* eye wòtrɔ eƒe dzimaɖitsitsiwo ƒo ɖe Yehowa ŋkume.+ 102  Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa;+Eye nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.+  2  Mègaɣla wò mo ɖem ne meɖo xaxa me o.+ Ƒu to anyi ɖe ŋunye;*Ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.+  3  Elabena nye ŋkekewo nu le yiyim abe dzudzɔ ene,Eye nye ƒuwo ʋu dzo hɛ̃e abe mlekpui me ene.+  4  Woƒo nye dzi abe gbe ene, eye wòyrɔ,+Elabena meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.  5  Le nye ŋeŋe sesĩe ta,+Nye ŋutilã lé ɖe nye ƒuwo ŋu kpaɖii.+  6  Meɖi aluge si le gbedzi;Mele abe ʋlukuku si le aƒedowo me ene.  7  Metsi zãdomadɔlɔ̃e;*Eye mele abe xevi tsiakogo le xɔ ta ene.+  8  Nye futɔwo ɖea alɔme le ŋunye ŋkeke bliboa.+ Ame siwo doa vlom la tsɔa nye ŋkɔ wɔa ɖiŋudonui.  9  Elabena dzofi zu abolo meɖuna,+Eye nye nunono tɔtɔ kple aɖatsi,+ 10  Le wò dɔmedzoe kple dziku ta,Elabena ède asi tenye, be yeatsɔm aƒu gbe. 11  Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli si nu le yiyim ene,*+Eye meyrɔ abe gbe ene.+ 12  Ke wò la, Oo Yehowa, ànɔ anyi tegbetegbe,+Eye wò ŋkɔxɔxɔ* anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.+ 13  Àtso akpɔ nublanui na Zion godoo,+Elabena enuveɣi ɖo;+Ɣeyiɣi ɖoɖi la de.+ 14  Elabena eƒe xɔtukpewo dzea wò subɔlawo ŋu+Eye eƒe kewo gɔ̃ hã xɔ asi na wo.+ 15  Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,Eye anyigbadzifiawo katã avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.+ 16  Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso;+Ado le eƒe ŋutikɔkɔe me.+ 17  Atrɔ ɖe wɔnamanɔŋutɔwo ƒe kokoƒoƒo ŋu;+Eye mado vlo woƒe gbedodoɖa o.+ 18  Woŋlɔ esia ɖi na megbeviwo,+Ale be ame siwo ava dzɔ* la nakafu Yah. 19  Elabena ekpɔa nu tso eƒe kɔkɔeƒe si le dzi,+Yehowa kpɔa anyigba la tso dziƒo, 20  Ne wòase gamenɔla ƒe hũɖeɖe,+Ne wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na,+ 21  Ale be woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion,+Kple eƒe kafukafu le Yerusalem, 22  Ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo naƒo ƒu,Asubɔ Yehowa.+ 23  Exɔ ŋusẽ le asinye le mɔ ta;Eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ. 24  Mebe: “Oo nye Mawu,Mègaɖem ɖa le nye agbemeŋkekewo ƒe domedome o;Wò Ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.+ 25  Gbe aɖe gbe kee nèɖo anyigba gɔme anyi,Eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.+ 26  Wo nu ava yi, ke wò ya ànɔ anyi;Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene. Àɖɔli wo abe awudodo ene, eye wo nu ayi. 27  Ke wò la, nenema ko nèle, eye nuwuwu meli na wò ƒewo gbeɖe o.+ 28  Wò subɔlawo ƒe viwo anɔ anyi dedie,Eye woƒe dzidzimeviwo ali ke ɖaa le ŋkuwòme.”+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “ne egbɔdzɔ.”
^ Alo, “Bɔbɔ nàlé to ɖe ŋunye.”
^ Agate ŋu afia, “Mezu ƒu ɖeɖe.”
^ Alo, “vɔvɔli si le didim ɖe edzi ene.”
^ Alo, “ŋkɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkuɖodzi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo woava wɔ.”