Mika 2:1-13

  • Baba na ameteɖeanyilawo! (1-11)

  • Israel nu ƒoƒoƒu le ɖekawɔwɔ me (12, 13)

    • Amewo ƒe hoowɔwɔ axɔ anyigba la dzi (12)

2  “Baba na ame siwo ɖoa nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ta me,Ame siwo bua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ,Elabena ŋusẽ le wo si.+  2  Agble dzroa wo, eye woxɔnɛ sesẽe;+Ne aƒee dzro wo la, woxɔa eya hã;Wotafaa ŋutsu xɔa eƒe aƒe,+Eye wobaa ame xɔa eƒe domenyinu.  3  Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, meɖoe be mahe gbegblẽ ava ƒome sia dzi,+ eye miate ŋu asi le enu o.*+ Miaganɔ zɔzɔm glodzoeglodzoe o;+ elabena ɣeyiɣi vɔ̃ wònye.+  4  Gbe ma gbe la, amewo ado lo ɖe mia ŋu,Eye woafa konyi vevie ɖe mia ŋu.+ Woagblɔ be: “Wogblẽ mía dome keŋkeŋ!+ Ena nye dukɔ ƒe gome yi ame bubu si me—kpɔ ale si wòxɔe le asinyee ɖa!+ Ema míaƒe agblewo na ame mawɔnuteƒewo.”  5  Eya ta ame aɖeke manɔ asiwò ada dzidzekaAma anyigba la le Yehowa ƒe ha la dome o.  6  Wole gbɔgblɔm be, “Midzudzɔ gbeƒãɖeɖe!Mele be woaɖe gbeƒã nya siawo o;Womado vlo mí o!”  7  Oo Yakob ƒe aƒe, gbɔgblɔmee wole be: “Ðe Yehowa ƒe gbɔgbɔ megagbɔa dzi ɖi oa? Alo nenemae wòwɔa nuia?” Ðe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo ƒe mɔwo le dzɔdzɔe oa?  8  Azɔ nye ŋutɔ nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe futɔ ene. Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo kple awuwo siaa*Le ame siwo tso eme va yina dziɖeɖitɔe la ŋu, abe ame siwo gbɔ tso aʋa ene.  9  Mienya nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me.Mieɖe nye atsyɔ̃ ɖa le viawo ŋu tegbee. 10  Mitso miadzo, elabena menye gbɔɖemeƒee nye afi sia o. Esi wòzu du makɔmakɔ ta la,+ woagbãe, woagbãe eteƒe makɔ o.+ 11  Ne ame si kplɔ ya kple alakpadada ɖo hekaa aʋatso la gblɔ be, “Magblɔ nya ɖi ku ɖe wain kple aha muame ŋu” la, Ekema eyae anye dukɔ sia ƒe nyagblɔɖila!+ 12  Oo Yakob, maƒo mi katã mia nu ƒu;Maƒo Israel ƒe ame susɔeawo nu ƒu godoo.+ Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene,Abe lãha le lãnyiƒe ene;+Eye amewo ƒe hoowɔwɔ axɔ afi ma keŋ.’+ 13  Gligbãla adze wo ŋgɔ;Woalɔ hoo ato agbo la nu ado go.+ Woƒe fia adze wo ŋgɔ,Eye Yehowa adze wo ŋgɔ.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “miate ŋu aɖe ta le eme o.”
Agate ŋu afia, “Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo le awuwo ŋu.”