Lododowo 31:1-31

  • FIA LEMUEL ƑE NYAWO (1-31)

    • Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃? (10)

    • Veviedola kple dɔ sesẽ wɔla (17)

    • Dɔmenyo ƒe se le eƒe aɖe dzi (26)

    • Srɔ̃a kple viawo kafunɛ (28)

    • Nyonyo kple tugbedzedze nu yina (30)

31  Fia Lemuel ƒe nyawo, nya vevi siwo dadaa tsɔ xlɔ̃ nui lae nye esi:+  2  Oo vinye, nya kae magblɔ na wò,Oo nye dɔmevi, nya ka gblɔ gee mala,Oo nye adzɔgbeɖevi, nya kae le asinye na wò?+  3  Mègatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o,+Eye mègawɔ nu siwo gblẽa fiawo dome o.+  4  Oo Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o,Menye fiawo ƒe dɔ be woano wain o,Eye menyo be dziɖulawo nagblɔ be, “Nye aha ɖe?” o,+  5  Ne woagano aha ahaŋlɔ se la be,Eye woatrɔ gbo ame tsɛwo ƒe nya o.  6  Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m,+Kple wain na ame* siwo le nu xam.+  7  Na woanoe, ne woaŋlɔ woƒe ahedada be;Ne woagaɖo ŋku woƒe xaxa dzi o.  8  Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu o la nu;Eye nàʋli ame siwo katã le tsɔtsrɔ̃m la ta.+  9  Ke nu nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe;Xɔ nya ɖe wɔnamanɔŋutɔwo kple ame dahewo nu.+ א [Alef] 10  Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃?*+ Exɔ asi wu adzagba.* ב [Bet] 11  Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu,Eye nu vevi aɖeke mebɔnɛ o. ג [Gimel] 12  Le eƒe agbemeŋkekewo katã me la,Ewɔa nyui na srɔ̃a ŋutsu, ke menye vɔ̃ o. ד [Dalet] 13  Edia alẽfuvɔ kple aklala;Eye wòtsɔa eƒe asiwo wɔa dɔ kple dzidzɔ.+ ה [He] 14  Ele abe asitsalawo ƒe asiʋu ene;+Eye wòhea eƒe nuɖuɖu tsoa didiƒe ke vaa aƒee. ו [Waw] 15  Efɔna ne ŋu mekpɔ ke vɔ o,Eye wònaa nuɖuɖu eƒemetɔwo;Enaa eƒe dɔlanyɔnuwo hã tɔ gome wo.+ ז [Zayin] 16  Ebua tame le agble ŋu, eye wòƒlenɛ;Ekua kutri dea waingble.* ח [Het] 17  Edzrana ɖo ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu,*+Eye wòdoa ŋusẽ eƒe alɔwo. ט [Tet] 18  Ekpɔnɛ be yeƒe asitsatsa le vi ɖem;Eƒe akaɖi metsina le zã me o. י [Yod] 19  Ðetifutreti le eƒe asi me,Eye wòtsɔa eƒe asi léa ɖetitrekeke.+ כ [Kaf] 20  Edoa eƒe asi ɖe wɔnamanɔŋutɔwo,Eye wòʋua eƒe asi me na ame dahewo.+ ל [Lamed] 21  Mevɔ̃na ɖe eƒe aƒemetɔwo nu le vuvɔ* ta o,Elabena eƒe aƒemetɔwo katã do awu titriwo.* מ [Mem] 22  Elɔ̃a abadzivɔwo na eɖokui. Eƒe nudodo nye aklala biɖibiɖi kple alẽfuwu aɖabɛ dzĩtɔ. נ [Nun] 23  Wonya srɔ̃a nyuie le dugbo la nu,+Afi si wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dumemetsitsiwo dome le. ס [Samek] 24  Etɔa aklalawuwo* dzrana,Eye asitsalawo xɔa alidziblanu tso egbɔ. ע [Ayin] 25  Ŋusẽ kple atsyɔ̃e nye eƒe avɔ,Eye kakaɖedzi nɔa esi ɖe etsɔ si gbɔna ŋu.* פ [Pe] 26  Ekea eƒe nu le nunya me;+Eye dɔmenyo ƒe se* le eƒe aɖe dzi. צ [Tsade] 27  Eléa ŋku ɖe eƒe aƒemetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu nyuie,Eye meɖua kuviabolo o.+ ק [Kof] 28  Viawo tsona heyɔnɛ be dzidzɔtɔ;Srɔ̃a tsona hekafunɛ. ר [Res] 29  Nyɔnu zazɛ̃* geɖewo li,Ke wò la, èƒo wo katã ta. ש [Sin] 30  Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze hã nu yina kaba,*+Ke nyɔnu si vɔ̃a Yehowa la, eyae woakafu.+ ת [Taw] 31  Mitsɔ nu si wòwɔ ƒe fetu nɛ,*+Eye eƒe dɔwɔwɔwo nekafui le dua ƒe agbowo nu.+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “srɔ̃nyɔnu nyui.”
^ Alo, “Etsɔa eƒe viɖekpɔkpɔwo dea waingble.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Etsɔa eƒe asiwo me kutsetse dea waingble.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzi.”
^ Alo, “sno.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “do awu ɖe awu dzi.”
^ Alo, “awutewuiwo.”
^ Alo, “Eye ŋkeke si gbɔna ɖia kokoe nɛ.”
^ Alo, “nufiame si me lɔlɔ̃ le; lɔlɔ̃ vavã ƒe se.”
^ Alo, “Nyɔnu nyui.”
^ Alo, “tugbedzedze hã dzodzroe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mitsɔ eƒe asiwo me kutsetse nɛ.”