Lododowo 19:1-29

  • Nugɔmesela medoa dziku kabakaba o (11)

  • Srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe xɔ si le ɖuɖum ene (13)

  • Srɔ̃nyɔnu nyanu tso Yehowa gbɔ (14)

  • He to na viwò, esime mɔkpɔkpɔ gali (18)

  • Se aɖaŋuɖoɖo nàdze nunya (20)

19  Enyo be woanye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o+Wu be woanye bometsila si daa alakpa.+  2  Sidzedze ƒe ame* si manɔmanɔ menyo o,+Eye ame si tsia klokloklo* la wɔa nu vɔ̃.  3  Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na,Ke eƒe dzi nyrana ɖe Yehowa boŋ ŋu.  4  Kesinɔnuwo hea xɔlɔ̃ geɖe ɖe ame ŋu,Ke xɔlɔ̃wo kana le ame dahe ŋu.+  5  Aʋatsoɖasefo matsi tomahe o,+Eye ame si daa alakpa ɣesiaɣi la mado le eme o.+  6  Ame geɖewo dina be yewoƒe nu nadze bubume* ŋu,Eye ame sia ame dzea xɔ̃ ame si naa nu ame.  7  Ame dahe nɔviwo ke hã léa fui;+Aleke wɔ exɔlɔ̃wo ya maka le eŋu o!+ Enɔa wo yome ɖea kuku na wo, gake womedea nu eme nɛ o.  8  Ame si si nunya* su la lɔ̃a eɖokui.*+ Ame si dea asixɔxɔ gɔmesese ŋu la, nu adze edzi nɛ.*+  9  Aʋatsoɖasefo matsi tomahe o,Eye ame si daa alakpa ɣesiaɣi la atsrɔ̃.+ 10  Agbeɖuɖu medze bometsila o;Ke aleke wɔ subɔvi nahayi fia ɖu ge ɖe amegãwo dzi?+ 11  Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o,+Eye atsyɔ̃ wònye nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze* dzi.+ 12  Fia ƒe dziku le abe dzata* ƒe gbetete ene,+Ke eƒe amenuveve le abe zãmu si dza ɖe gbewo dzi ene. 13  Vi tsibome hea gbegblẽ vaa fofoa dzi,+Eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla* le abe xɔ si le ɖuɖum ɖaa ene.+ 14  Aƒe kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso vifofowo gbɔ,Ke srɔ̃nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔe wòtsona.+ 15  Kuviawɔwɔ ɖe wònana ame dɔa alɔ̃ tsu,Eye ame* si wɔa alɔgblɔdɔ la, dɔ awui.+ 16  Ame si léa sedede me ɖe asi la kpɔa eƒe agbe* ta;+Ame si meléa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu o la, aku.+ 17  Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa,+Eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.+ 18  He to na viwò, esime mɔkpɔkpɔ gali,+Eye mègana eƒe ku ƒe fɔɖiɖi nanɔ dziwò o.*+ 19  Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife;Ne èbe yeaxɔ nɛ la, ewɔwɔ dzi ko nànɔ.+ 20  Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe,+Ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.+ 21  Nu geɖewoe amegbetɔ ɖona ɖe eƒe dzi me,Gake Yehowa ƒe adaŋudedee* ava eme.+ 22  Atsyɔ̃e wònye na ame ne elɔ̃a ame tso dzi me;+Eye enyo be woanye hiãtɔ wu be woanye alakpatɔ. 23  Yehowa vɔvɔ̃ kplɔa ame yia agbe me;+Ame si vɔ̃nɛ la aɖe dzi ɖi; vɔ̃ aɖeke mava edzi o.+ 24  Kuviatɔ de asi nuɖugba me;Etsɔtsɔ de nu me gɔ̃ hã zu dɔ nɛ.+ 25  Ƒo fewuɖula,+ ekema ame makpɔnuteƒe adze nunya,+Ka mo na nugɔmesela, ekema sidzedze geɖe asu esi.+ 26  Ame si sẽa ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyaa dadaa ɖa la,Vi ŋukpenanuwɔla kple vlodoamela wònye.+ 27  Vinye, ne èdzudzɔ toɖoɖo amehehe la,Àtra ɖa tso nya siwo me nunya le la gbɔ. 28  Ðasefo vloe ɖea alɔme le nya dzɔdzɔe ŋu,+Eye ame vɔ̃ɖiwo mia nu vɔ̃ɖi gbligbligbli.+ 29  Tohehe li na fewuɖulawo,+Eye ƒoƒo li na bometsilawo ƒe dzime.+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “luʋɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si ƒe afɔ tsɔna.”
^ Alo, “dɔmenyotɔ.”
^ Alo, “eƒe luʋɔ.”
^ Alo, “eme anyo nɛ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame si si dzi nyanu.”
^ Alo, “dzidada.”
^ Alo, “dzatatsui.”
^ Alo, “fuɖenamela.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “mègadi eƒe ku o.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò luʋɔ mègatso ɖe eŋu be yeawui o.”
^ Alo, “tameɖoɖoe.”