Lododowo 15:1-33

  • Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu (1)

  • Yehowa ƒe ŋku le afi sia afi (3)

  • Ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa dzea Mawu ŋu (8)

  • Tameɖoɖowo tsia akpo dzi ne adaŋudede meli o (22)

  • Bu tame hafi nàɖo nya ŋu (28)

15  Nyaŋuɖoɖo fafɛ* tsia dziku nu,+Ke gbedaɖeamegbɔ* nana dɔmedzoe flana.+  2  Nunyala ƒe aɖe wɔa sidzedze ŋu dɔ nyuie,+Ke bometsitsi dona le bometsilawo nu gbẽgbẽgbẽ.  3  Yehowa ƒe ŋku le afi sia afi,Eléa ŋku ɖe ame vlowo kple ame nyuiwo siaa ŋu.+  4  Aɖe fafɛ* la, agbeti wònye,+Ke nya totro nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame.*  5  Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe,+Ke aɖaŋudzela lɔ̃na xɔa ɖɔɖɔɖo.*+  6  Kesinɔnu bɔ ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe me,Ke nu si su ame vɔ̃ɖi si* hea xaxa vaa edzi.+  7  Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze,+Ke bometsilawo ƒe dzi ya mele alea o.+  8  Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa nye ŋunyɔ na Yehowa,+Ke ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa dzea Eŋu.+  9  Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme nye ŋunyɔ na Yehowa,+Ke ame si tia dzɔdzɔenyenye yome lae wòlɔ̃na.+ 10  Amehehe tena ɖe* ame si gblẽ mɔ la ɖi dzi,+Ke ame sia ame si lé fu mokaname la aku.+ 11  Tsiẽƒe* kple tsɔtsrɔ̃ƒe* gɔ̃ hã le nuvo le Yehowa ŋkume.+ Ʋuu keke wòahayi amegbetɔviwo ƒe dzi nye ge!+ 12  Fewuɖula melɔ̃a ame si ɖɔnɛ ɖo o.*+ Media aɖaŋuɖoɖo le nunyalawo gbɔ o.+ 13  Dzi kpɔdzidzɔ nana mo kɔna,Ke dzi si le veve sem nana nu tea ame ƒe gbɔgbɔ ŋu.+ 14  Dzi senugɔme dia sidzedze yome mɔ,+Ke movidzɔdzɔ zu nuɖuɖu na bometsilawo ƒe nu.*+ 15  Ame si le fu kpem la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃,+Ke ame si ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la tua aglo ɣesiaɣi.+ 16  Nu ʋɛ ƒe amesinɔnɔ si ŋu Yehowa vɔvɔ̃ kpe ɖo la+Nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi* kpe ɖo.+ 17  Ama agba ɖeka si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo+ laNyo wu nyitsu dami si ŋu fuléle kpe ɖo.+ 18  Dɔmedzoetɔ dɔa avu,+Ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.+ 19  Kuviatɔ ƒe mɔ le abe ŋùkpɔ ene,+Ke ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe mɔ tata sɔsɔe ene.+ 20  Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa,+Ke bometsila doa vlo dadaa.+ 21  Ame si si tagbɔ mele o* la, eya nue bometsitsi vivina,+Ke nugɔmesela léa eƒe mɔ tsɔna tẽe.+ 22  Afi si adaŋudede* mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi,Ke afi si aɖaŋuɖola* geɖewo le la, nuwo dzea edzi.+ 23  Ame ƒe nyaŋuɖoɖo nyuie* nana wòkpɔa dzidzɔ,+Eye nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!+ 24  Agbemɔ ɖo ta dzi na ame si dze nunya,+Ne wòaƒo asa na Tsiẽƒe* le anyigba tume.+ 25  Yehowa agbã dadala ƒe aƒe gudugudu,+Ke ana ahosi ƒe liƒo nanɔ anyi pɛpɛpɛ.+ 26  Ame vɔ̃ɖiwo ƒe tame vɔ̃ ɖoɖo nye ŋunyɔ na Yehowa,+Ke nya dzetowo le dzadzɛ le eŋkume.+ 27  Ame si le viɖe madzɔmadzɔ yome la dea eya ŋutɔ ƒemetɔwo xaxa* me,+Ke ame si tsria zãnuxɔxɔ lae anɔ agbe.+ 28  Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame hafi ɖoa nya ŋu,*+Ke nya vlowo dona le ame vɔ̃ɖiwo nu gbẽgbẽgbẽ. 29  Yehowa le adzɔge ʋĩi tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ,Ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.+ 30  Ne ŋku dzi kɔ la, dzi kpɔa dzidzɔ;*Eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.*+ 31  Ame si sea mokaname si hea agbe vanɛ la,Akpɔ nɔƒe le nunyalawo dome.+ 32  Ame si doa toku amehehe doa vlo eƒe agbe,*+Ke ame sia ame si xɔa mokaname la, gɔmesese sua esi.*+ 33  Yehowa vɔvɔ̃ nye amehehe si nana wodzea nunya,+Eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.+

Etenuŋɔŋlɔ

^ Alo, “nya veame gbɔgblɔ.”
^ Alo, “Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe.”
^ Alo, “Aɖe si yɔa dɔ ame.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ke nya totro tea ame ƒe gbɔgbɔ ɖe anyi.”
^ Alo, “xɔa mokaname.”
^ Alo, “ame vɔ̃ɖi ƒe hokpɔkpɔ.”
^ Alo, “Amehehe nye nu sesẽ na.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Abadon.”
^ Alo, “ame si gbea nya nɛ o.”
^ Alo, “Bometsilawo ƒe nuyiwo nɔa movidzɔdzɔ yome.”
^ Alo, “tɔtɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame si si dzi nyanu mele o.”
^ Alo, “nyalélekpɔ.”
^ Alo, “adaŋudela.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nyaŋuɖoɖo si do le ame nu.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “ŋukpe.”
^ Alo, “hafi ƒoa nu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “dea ami ƒuto me.”
^ Alo, “Mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzi nyanu sua esi.”