Lododowo 12:1-28

  • Ame si lé fu mokaname la, menyaa nu o (1)

  • “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene” (18)

  • Ame siwo doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ hea dzidzɔ vanɛ (20)

  • Yehowa nyɔa ŋu alakpanuyiwo (22)

  • Nuxaxa tea ame ƒe dzi ɖe anyi (25)

12  Ame si lɔ̃a amehehe la, elɔ̃a sidzedze,+Ke ame si lé fu mokaname la, menyaa nu o.+  2  Ame nyui ƒe nu dzea Yehowa ŋu,Ke ebua fɔ ame si ɖoa susu vɔ̃wo ɖe tame.+  3  Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mana ame nali ke akpɔ o,+Ke womaho ame dzɔdzɔe ya gbeɖe o.  4  Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃a,+Ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒutome na srɔ̃a.+  5  Ame dzɔdzɔewo ƒe tamesusuwo le eteƒe,Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔfiafia nye beble ɖeɖe sɔŋ.  6  Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo trea azã ɖi,*+Ke nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe nyawo xɔa wo ɖe agbe.+  7  Ne woho ame vɔ̃ɖiwo la, womaganɔ anyi o,Ke ame dzɔdzɔewo ya ƒe aƒe anɔ te ɖaa.+  8  Woakafu ame si kea eƒe nu le nunya me,+Ke woado vlo ame si ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.+  9  Ame si wobuna ame tsɛe, gake subɔvi le esi laNyo wu ame si ƒoa adegbe, gake nuɖuɖu mele esi o.*+ 10  Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe aƒemelãwo,*+Gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe nublanuikpɔkpɔ gɔ̃ hã nye tagbɔsesẽ. 11  Ame si dea eya ŋutɔ ƒe agble la, aɖu nu aɖi ƒo,+Ke ame si tia nu maɖinuwo yome la, tagbɔ mele esi o.* 12  Nu si nu vlo wɔlawo lé la le ŋu biãm na ame vɔ̃ɖi,Ke ame dzɔdzɔe la le abe ati si tsea ku ene. 13  Ame vɔ̃ɖi ƒe nya vlowo nyea mɔ̃ ɖenɛ,+Ke ame dzɔdzɔe ya dona le xaxa me. 14  Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vana nɛ taŋtaŋ,+Eye eƒe asinudɔwɔwɔ ahe viɖe geɖe avɛ nɛ. 15  Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋkume,+Ke nunyala xɔa aɖaŋuɖoɖo.+ 16  Bometsilae mesaa dzikudodo o,*+Ke aɖaŋudzela ya doa toku dzudzu.* 17  Ðasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe,*Ke aʋatsoɖasefo daa alakpa. 18  Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene,Ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.+ 19  Nyateƒenuyi ali ke tegbee,+Ke aʋatsoɖe ya nu mesẽna yina o.+ 20  Beble le dzi me na ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi wɔwɔ,Ke ame siwo doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ* la kpɔa dzidzɔ.+ 21  Vɔ̃ aɖeke maɖi kpe ame dzɔdzɔe o,+Ke vɔ̃ aƒo go ame vɔ̃ɖiwo wòade edeƒe.+ 22  Yehowa nyɔa ŋu alakpanuyiwo,+Ke ame siwo wɔa nuteƒe la ƒe nu dzea eŋu. 23  Aɖaŋudzela dzraa eƒe sidzedze ɖo,Ke bometsila ƒe dzi doa boblo eƒe bometsitsi.+ 24  Veviedola ƒe asie aɖu dzi;+Ke kuviatɔ ƒe asie awɔ kluvidɔ.+ 25  Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi,*+Ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.+ 26  Ame dzɔdzɔe ƒe ŋku nɔa eƒe lãnyiƒe ŋu,Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae. 27  Kuviawɔwɔ mekplɔa ame yia adegbe o,+Ke veviedodo la, nu xɔasi wònye na ame. 28  Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ kplɔa ame yia agbe me;+Eƒe mɔ menye kumɔ o.

Etenuŋɔŋlɔ

^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “dea xa ɖi ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “gake abolokoe le ewɔm.”
^ Alo, “kpɔa eƒe aƒemelãwo ƒe luʋɔ ta.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzi nyanu mele esi o.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Bometsilae doa dziku gbe ma gbe ke.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsyɔa nu dzudzu dzi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “nya dzɔdzɔe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo ɖoa ŋutifafaɖaŋu.”
^ Alo, “ɖe wònana ame léa blanui.”