2 Korintotɔwo 3:1-18

  • Kafukafugbalẽwo (1-3)

  • Nubabla yeyea ƒe subɔlawo (4-6)

  • Nubabla yeyea ƒe ŋutikɔkɔe si lolo wu (7-18)

3  Ðe míegade asi mía ɖokuiwo kafukafu me akea? Alo ɖe wòhiã be míatsɔ kafukafugbalẽwo avɛ na mi, alo axɔ wo tso mia gbɔ, abe ale si ame aɖewo wɔnɛ enea? 2  Miawoe nye míaƒe agbalẽ+ si woŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye wole exlẽm. 3  Elabena mieɖee fia be miawoe nye Kristo ƒe agbalẽ si mí subɔlawo míeŋlɔ,+ menye kple agbalẽŋlɔtsi o, ke boŋ kple Mawu gbagbe la ƒe gbɔgbɔ, menye ɖe kpe ŋutɔŋutɔwo dzi o,+ ke boŋ ɖe esiwo nye ŋutilã dzi, ɖe dziwo dzi.+ 4  Kakaɖedzi sia le mía si le Mawu me to Kristo dzi. 5  Menye be míawo ŋutɔwo míedze nyuie asusu be míawo gbɔe nane tso o, ke boŋ míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ,+ 6  ame si na míedze nyuie be míanye nubabla yeye+ aɖe ƒe subɔlawo, menye se siwo woŋlɔ ɖi la tɔwo o,+ ke boŋ gbɔgbɔ la tɔwo; elabena se siwo woŋlɔ ɖi la tsoa kufia na ame,+ ke gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.+ 7  Azɔ ne Se si hea kufiatsotso vanɛ, si wotsɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ ɖe kpewo dzi+ la, va le ŋutikɔkɔe ma gbegbe me be Israel-viwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o le ŋutikɔkɔe si dze le eƒe mo+ ta, evɔ wònye ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖa la, 8  ekema ɖe gbɔgbɔ la ƒe subɔsubɔdɔ+ manɔ ŋutikɔkɔe geɖe wu me oa?+ 9  Elabena ne ŋutikɔkɔe+ nɔ Se si hea fɔbubu vanɛ+ ŋu la, ekema ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye esi anɔ subɔsubɔdɔ si hea dzɔdzɔenyenye vanɛ+ la ŋu! 10  Le nyateƒe me la, woɖe ŋutikɔkɔe ɖa le nu si wodo ŋutikɔkɔe na tsã la gɔ̃ hã ŋu, le ŋutikɔkɔe si ƒo eta sãa la ta.+ 11  Elabena ne nu si woava ɖe ɖa la va le ŋutikɔkɔe me+ la, ekema aleke gbegbe nu si anɔ anyi ya ƒe ŋutikɔkɔe alolo wue nye esi!+ 12  Esi mɔkpɔkpɔ+ sia le mía si ta la, míevo aƒo nu faa, 13  eye míawo ya míewɔa nu si Mose wɔ esi wòtsɔa motsyɔnu tsyɔa mo+ be Israel-viwo nagakpɔ nu si woava ɖe ɖa la ƒe nuwuwu o. 14  Ke woƒe susu wɔ dɔ̃ɔ.+ Elabena va se ɖe egbegbe la, ne wole nubabla xoxoa xlẽm+ la, motsyɔnu ma gali kokoko, elabena Kristo dzi ko wotona ɖenɛ ɖa.+ 15  Le nyateƒe me la, va se ɖe egbegbe la, ɣesiaɣi si woxlẽ Mose ƒe nuŋlɔɖiwo+ la, motsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.+ 16  Ke ne wotrɔ ɖe Yehowa* ŋu la, ekema woɖea motsyɔnu la ɖa.+ 17  Azɔ la, Yehowa* nye Gbɔgbɔ;+ eye afi si Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.+ 18  Eye esi mí katã míetsɔa mo siwo wometsyɔ nui o ɖea Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene ta la, wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ŋutikɔkɔe si de ŋgɔ wu me, abe ale si tututu Yehowa,* Gbɔgbɔ la,* wɔe ene.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ.”