1 Kronika 16:1-43
16 Ale wokɔ Mawu vavã ƒe Aɖaka la vɛ, eye wodae ɖe agbadɔ si David tu nɛ la me;+ eye wosa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo le Mawu vavã la ŋkume.+
2 Esi David sa numevɔawo+ kple ŋutifafavɔawo+ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa ƒe ŋkɔ me.
3 Azɔ hã, ema abolo nogoe kple ayedibolo kpakple waintsetse ƒuƒu bolo ɖekaɖeka na Israel-viwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
4 Eye wòɖo Lewi viwo dometɔ aɖewo Yehowa ƒe Aɖaka la ŋgɔ be woasubɔ+ ahade bubu* Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye woada akpe nɛ ahakafui.
5 Asaf+ ye nye tatɔ, eveliae nye Zakariya, eye Yeiel, Semiramot, Yehiel, Matitiya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel+ ye ƒoa kasaŋkuwo kple saŋkuwo;+ eye Asaf ƒoa gakogoewo,+
6 eye Benaya kpakple Yahaziel, siwo nye nunɔlawo la kua kpẽ le Mawu vavã la ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ ɖaa.
7 Gbe ma gbee nye zi gbãtɔ David tsɔ akpedaha si wòkpa la na Asaf+ kple nɔviawo be woadzi na Yehowa:
8 “Mida akpe na Yehowa;+ miyɔ eŋkɔ,Miɖe gbeƒã eƒe nuwɔwɔwo le dukɔwo dome!+
9 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha* nɛ,+Mide ŋugble le* eƒe nukudɔwɔwɔwo katã ŋu.+
10 Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee.+
Ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ.+
11 Midi Yehowa,+ mibia eƒe ŋusẽ ta se,
Midi eƒe ŋkume ɖaa.+
12 Miɖo ŋku nukudɔ siwo wòwɔ la dzi,+Eƒe nukunuwo kple eƒe afiatsotsowo,
13 Mi eƒe subɔla Israel ƒe dzidzimeviwo,+Mi eƒe ame tiatiawo, Yakob viwo.+
14 Eyae nye Yehowa mía Mawu.+
Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo xɔ anyigba la katã dzi.+
15 Miɖo ŋku eƒe nubabla la dzi ɖaa,Ŋugbe si wòdo* na dzidzime akpewo,+
16 Nu, si wòbla kple Abraham,+Kple atam si wòka na Isak,+
17 Atam si dzi wòɖo kpee wònye se na Yakob,+Eye wònye nubabla si anɔ anyi ɖaa na Israel,
18 Esi wògblɔ be, ‘Wòe matsɔ Kanaan-nyigba la ana,+Wòanye miaƒe domenyinu.’+
19 Miede ha ɣemaɣi o,Ɛ̃, wonɔ ʋɛ ŋutɔ, eye wonye amedzrowo le anyigba la dzi.+
20 Wonɔ tsatsam tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ,Tso fiaɖuƒe ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ.+
21 Meɖe mɔ ame aɖeke te wo ɖe anyi o,+Ke boŋ eka mo na fiawo le wo ta,+
22 Esi wògblɔ be, ‘Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,Eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye nyagblɔɖilawo o.’+
23 Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!
Miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbe sia gbe!+
24 Miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome,Kple eƒe nukudɔwɔwɔwo le dukɔwo katã dome.
25 Elabena Yehowa lolo, eye wòdze na kafukafu ŋutɔ.
Vɔvɔ̃ le eŋu wu mawu bubuwo katã.+
26 Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye mawu maɖinuwo;+Ke Yehowae nye ame si wɔ dziƒowo.+
27 Gãnyenye* kple atsyɔ̃ɖoɖo le eŋkume,+Ŋusẽ kple dzidzɔ le enɔƒe.+
28 Mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ,Mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ le eƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ ta.+
29 Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ;+Mitsɔ nunana ɖe asi va eŋkume.+
Mide ta agu ɖe Yehowa ŋkume le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me.*+
30 Anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume!
Anyigba* la li ke sesĩe; maʋã akpɔ o.+
31 Dziƒowo nekpɔ dzidzɔ, eye anyigba netso aseye;+Migblɔ le dukɔwo dome be: ‘Yehowa zu Fia!’+
32 Atsiaƒu kple emenuwo neɖe gbe;Agble kple emenukuwo katã netso aseye.
33 Avemetiwo hã negli kple dzidzɔ le ɣeyiɣi ma ke me le Yehowa ta,Elabena egbɔna* ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la.
34 Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo,+Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+
35 Eye migblɔ be, ‘Oo, míaƒe xɔname ƒe Mawu, xɔ na mí,+Ƒo mía nu ƒu, eye nàɖe mí tso dukɔwo si me,Ne míada akpe ɖe wò ŋkɔ kɔkɔe la ta,+Ne míatsɔ aseyetsotso akafu wò.*+
36 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu laTso mavɔ me yi mavɔ me.’”
Eye dukɔ blibo la gblɔ be, “Amen!”* eye wokafu Yehowa.
37 Eye David tsɔ Asaf+ kple nɔviawo ɖo Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ le afi ma, be woasubɔ le Aɖaka+ la ŋgɔ ɖaa, le gbe sia gbe ƒe nudidi la nu;+
38 eɖo Obed-Edom kple nɔvia blaade vɔ enyi hekpe ɖe Yedutun vi Obed-Edom kple Hosa ŋu be woanye agbonudzɔlawo;
39 kple nunɔla Zadok+ kpakple nɔvia nunɔlawo be woanɔ Yehowa ƒe avɔgbadɔ la ŋgɔ le togbɛ si le Gibeon+ la dzi,
40 ne woasa numevɔwo na Yehowa le numevɔsamlekpui la dzi ɖaa ŋdi kple fiẽ, eye woawɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Se si wòtsɔ na Israel me la dzi.+
41 Eye Heman kple Yedutun+ kpakple ame tiatia susɔeawo, siwo ŋkɔwo woyɔ la kpe ɖe wo ŋu, be woada akpe na Yehowa,+ elabena “eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee”;+
42 eye Heman+ kple Yedutun le wo ŋu, be woana kpẽawo kple gakogoeawo kpakple Mawu vavã la ƒe haƒonuawo naɖi; eye Yedutun viwo+ le agbo la nu.
43 Ale dukɔ blibo la me tɔ ɖe sia ɖe yi aƒe me. Eye David yi ɖayra eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.

