Marko 11:1-33

11  Ke esi wonɔ Yerusalem, Betfage, kple Betania le Amito la dzi gogom la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve,  eye wògblɔ na wo be: “Miyi kɔƒe si kpɔm miele le mia ŋgɔ la me, eye ne mienya ɖo eme teti ko la, miakpɔ tedzivi aɖe le ka me, si dzi ame aɖeke menɔ kpɔ o; miɖe kae, eye mikplɔe vae.  Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka tae miele nu sia wɔm?’ la, migblɔ be, ‘Aƒetɔ la le ehiãm, eye agatrɔe aɖo ɖa kpuie.’”  Ale woyi, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le agbo la nu le xexe le mɔ to, eye woɖe kae.  Ke ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma dometɔ aɖewo te gbɔgblɔ na wo be: “Nu kae nye ema wɔm miele, le ka ɖem tedzivi la?”  Wogblɔ na ame siawo abe ale si tututu Yesu gblɔ ene; eye woɖe mɔ na wo wodzo.  Eye wokplɔ tedzivi la vae na Yesu, eye wotsɔ woƒe awudziwuiwo ɖo ɖe edzi, eye wòbɔbɔ nɔ edzi.  Ame geɖewo hã ɖo woƒe awudziwuiwo ɖe mɔa dzi, ke ame bubuwo ŋe atilɔwo tso agblewo me.  Eye ame siwo dze ŋgɔ kple ame siwo le megbe la nɔ ɣlidodo dzi be: “Míeɖe kuku, xɔ na mí! Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me! 10  Woayra mía fofo David ƒe fiaɖuƒe si gbɔna la! Míeɖe kuku, xɔ nɛ, wò ame si le dziƒo ʋĩi!” 11  Eye wòva ɖo Yerusalem heyi gbedoxɔa me; eye wòtsa ŋku godoo helé ŋku ɖe nuwo katã ŋu, eye esi zã nɔ dodom ta la, edzo yi Betania kple ame wuieveawo. 12  Esi ŋu ke, eye wodo go tso Betania la, dɔ wui. 13  Eye eƒe ŋku kli gboti aɖe si dzi aŋgbawo le la le adzɔge ɖaa, eye wòyi be yeakpɔ ɖa be nane le edzi hã. Gake esi wòva egbɔ la, mekpɔ naneke o negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o. 14  Eya ta egblɔ nɛ be: “Ame aɖeke magaɖu wò tsetse azɔ gbeɖegbeɖe o.” Eƒe nusrɔ̃lawo se nyaa. 15  Azɔ wova Yerusalem. Le afi ma la, ege ɖe gbedoxɔa me, eye wòde asi ame siwo le nu dzram kple ame siwo le nu ƒlem le gbedoxɔa me la nyanya me, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe bentsiwo ƒu anyi; 16  eye meɖe mɔ na ame aɖeke be wòatsɔ naneke ato gbedoxɔa me ayi o, 17  ke eyi edzi nɔ nu fiam be: “Ðe womeŋlɔe ɖi be, ‘Woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe’ oa? Ke miawo ya mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.” 18  Eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo see, eye wote mɔnudidi le ale si woawɔ awui ŋu; elabena wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, le esi ameha blibo la katã ƒe nu kuna le eƒe nufiafia ŋuti ta. 19  Eye ne fiẽsi le ɖoɖom la, wodoa go le dua me. 20  Gake esi wova yina ŋdikanya la, wokpɔ be gboti la yrɔ xoxo tso eƒe ke me ke. 21  Esi Petro ɖo ŋku edzi ta la, egblɔ nɛ be: “Rabi, kpɔ ɖa! Gboti si nèƒo fi de la yrɔ.” 22  Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Mixɔ Mawu dzi se. 23  Vavã mele egblɔm na mi be ame sia ame si gblɔ na to sia be, ‘Ho, ne nàyi aɖadze atsiaƒu me,’ eye meke ɖi le eƒe dzi me o, ke boŋ wòxɔe se be nya si yegblɔ la ava eme la, ava eme nɛ nenema. 24  Esia tae mele egblɔm na mi be: Nu siwo katã miedoa gbe ɖa biana la, mixɔe se be miexɔ wo vɔ, ekema woasu mia si. 25  Eye ne miele tsitre le gbe dom ɖa la, mitsɔ nya sia nya si le mia si ɖe ame aɖe ŋu la kee; bene mia Fofo si le dziƒowo hã natsɔ miaƒe vodadawo ake mi.” 26  * —— 27  Eye wogava Yerusalem. Eye esi wònɔ tsatsam le gbedoxɔa me la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va egbɔ, 28  eye wote gbɔgblɔ nɛ be: “Ŋusẽ kae nètsɔna wɔa nu siawo? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò nètsɔna wɔa nu siawo?” 29  Yesu gblɔ na wo be: “Mabia nya ɖeka mi. Miɖo eŋu nam, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ si metsɔna wɔa nu siawoe la na mi. 30  Dziƒoe Yohanes ƒe nyɔnyrɔnana la tso loo alo amegbetɔwo gbɔe wòtso? Miɖo eŋu nam.” 31  Ale wote nyaa léle kpɔ le wo nɔewo dome, gblɔ be: “Ne míegblɔ be, ‘Dziƒoe wòtso’ la, agblɔ be, ‘Ekema nu ka tae miexɔ eyama dzi se o?’ 32  Gake ɖe míake atse agblɔ be, ‘Amegbetɔwo gbɔe wòtsoa’?”. . . Wonɔ vɔvɔ̃m na ameha la, elabena ameawo katã bua Yohanes be enye nyagblɔɖila nyateƒe. 33  Eya ta woɖo eŋu na Yesu be: “Míenya o.” Eye Yesu gblɔ na wo be: “Nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔmee la na mi o.”

Etenuŋɔŋlɔ