Marko 10:1-52
10 Eye wòtso dzo le afi ma heva Yudea ƒe liƒowo dzi kple Yordan godo, eye amehaawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe ale si wòwɔna ɖaa ene la, egafia nu wo.
2 Azɔ Farisitɔwo te ɖe eŋu, eye be woatee kpɔ la, wobiae be ɖe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a hã.
3 Eɖo eŋu na wo gblɔ be: “Se kae Mose de na mi?”
4 Wogblɔ be: “Mose ɖe mɔ be woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ ahagbee.”
5 Gake Yesu gblɔ na wo be: “Miaƒe dzimesesẽ tae wòŋlɔ se sia ɖi na mi ɖo.
6 Gake tso nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, ‘atsu kple asi Wòwɔ woe.
7 Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi,
8 eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’; eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka.
9 Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”
10 Esi wogava aƒea me la, nusrɔ̃lawo te nyabiabiae tso nya sia ŋu.
11 Eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnua ŋu,
12 eye ne nyɔnu aɖe gbe srɔ̃a, eye emegbe wòɖe ŋutsu bubu la, ewɔ ahasi.”
13 Azɔ amewo te wo vi suewo kpɔkplɔ va egbɔ, be wòaka asi wo ŋu; gake nusrɔ̃lawo blu ɖe wo ta.
14 Esi Yesu kpɔ esia la, dɔme vee, eye wògblɔ na wo be: “Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye; migate kpɔ be yewoaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu fiaɖuƒe la.
15 Vavã mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si mexɔa Mawu fiaɖuƒe la abe ale si ɖevi sue axɔe ene o la, mate ŋu age ɖe eme gbeɖe o.”
16 Eye wòxɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eye wòda eƒe asiwo ɖe wo dzi hete wo yayra.
17 Esi wòdze mɔ yina la, ame aɖe ƒu du va dze klo ɖe eŋkume biae be: “Nufiala Nyui, nu kae wòle be mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome?”
18 Yesu gblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka hɔ̃ ko, si nye Mawu.
19 Ènya sededeawo ɖe: ‘Mègawu ame o, Mègawɔ ahasi o, Mègafi fi o, Mègaɖi aʋatsoɖase o, Mègaba ame o, Bu fofowò kple dawò.’”
20 Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Nufiala, mewɔa nu siawo katã tso nye ɖevime ke.”
21 Yesu kpɔe dũu, eye wòlɔ̃e; eye wògblɔ nɛ be: “Nu ɖeka susɔ na wò: Heyi, dzra nu siwo le asiwò, eye nàtsɔ wo ana ame dahewo, eye nu xɔasiwo anɔ asiwò le dziƒo, eye va dze yonyeme.”
22 Gake elé blanui esi wòse nya sia, eye wòdzo kple nuxaxa, elabena nu geɖe le esi.
23 Esi Yesu tsa ŋku godoo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Asesẽ ŋutɔ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu fiaɖuƒea me vavã!”
24 Ke eƒe nyawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo. Ke Yesu gagblɔ na wo ake be: “Vinyewo, enye nu sesẽ be ame nage ɖe Mawu fiaɖuƒea me lo!
25 Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato tɔnui ƒe do me, wu be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.”
26 Egawɔ nuku na wo ɖe edzi, eye wogblɔ nɛ be: “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?”
27 Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be: “Le amegbetɔwo gbɔ la, womate ŋu awɔe o, gake menye nenemae wòle le Mawu ya gome o, elabena le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.”
28 Petro de asi gbɔgblɔ me nɛ be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míele yowòme.”
29 Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyui la ta,
30 si makpɔ woƒe teƒe alafa fifia le ɣeyiɣi sia me o: aƒewo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo, hekpe ɖe yometitiwo ŋu, kple agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me.
31 Ke hã, ame geɖe siwo nye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo.”
32 Azɔ wonɔ mɔ dzi yina Yerusalem, eye Yesu nɔ ŋgɔ na wo, eye ewɔ mo yaa na wo; gake ame siwo dze wo yome la te vɔvɔ̃. Egayɔ ame wuieveawo ɖe kpɔe ake, eye wòte nu siawo, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi la, gbɔgblɔ na wo be:
33 “Kpɔ ɖa, míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, eye woadee asi na dukɔwo me tɔwo,
34 eye woaɖu fewu le eŋu, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, afɔ ɖe tsitre.”
35 Eye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo ƒe vi eveawo, yi egbɔ gblɔ nɛ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ nu sia nu si míabia wò la na mí.”
36 Egblɔ na wo be: “Nu ka dim miele be mawɔ na mi?”
37 Wogblɔ nɛ be: “Lɔ̃ na mí be, mía dometɔ ɖeka nabɔbɔ anɔ anyi ɖe wò ɖusi me, eye ɖeka ɖe wò mia me, le wò ŋutikɔkɔe me.”
38 Ke Yesu gblɔ na wo be: “Mienya nu si biam miele o. Ðe miate ŋu ano kplu si nom mele, alo be woatsɔ nyɔnyrɔ si xɔm mele la anyrɔ mia?”
39 Wogblɔ nɛ be: “Míate ŋui.” Eye Yesu gblɔ na wo be: “Miano kplu si nom mele la, eye woatsɔ nyɔnyrɔ si xɔm mele la anyrɔ mi baa.
40 Ke hã, anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi alo mia me la menye tɔnye, be mana o, ke boŋ ame siwo wodzrae ɖo ɖi na la tɔe.”
41 Esi ame ewo susɔeawo see la, wote dzikudodo ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu.
42 Gake esi Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ la, egblɔ na wo be: “Mienyae be ame siwo wobuna dukɔwo dziɖulawoe la ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.
43 Menye nenemae wòle le mia dome o; ke boŋ ele be ame sia ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla,
44 eye ele be ame sia ame, si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã ƒe kluvi.
45 Elabena Amegbetɔvi la kura gɔ̃ hã va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.”
46 Azɔ wova ɖo Yerixo. Gake esi woa kple eƒe nusrɔ̃lawo kpakple ameha gã aɖe nɔ go dom le Yerixo la, Bartimeo (Timeo vi), si nye nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe la, nɔ anyi ɖe mɔ to.
47 Esi wòse be Yesu Nazaretetɔ lae la, ete ɣlidodo nɔ gbɔgblɔm be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!”
48 Eye ame geɖewo nyra ɖee be wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!”
49 Eya ta Yesu tɔ hegblɔ be: “Miyɔe vae.” Eye woyɔ ŋkuagbãtɔ la, gblɔ nɛ be: “Wò dzi nedze eme, tso, ele yɔwòm.”
50 Esi wòɖe eƒe awudziwui ƒu gbe la, eti kpo ɖe eƒe afɔwo dzi yi Yesu gbɔ.
51 Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ be: “Nu kae nèdi be mawɔ na wò?” Ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ be: “Raboni, na magakpɔ nu.”
52 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, wò xɔse na nèhaya.” Eye enumake wògakpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.

