Hebritɔwo 8:1-13

8  Ke nu siwo me dzrom míele la ƒe nya vevitɔe nye si: Nunɔlagã sia gbegbe ye le mía si, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Bubutɔ Gã la ƒe fiazikpui ƒe ɖusi me le dziƒowo,  ame si nye kɔkɔeƒe la kple agbadɔ vavã si Yehowa tu, eye menye amee tui o, la ƒe dutoƒo subɔla.  Elabena woɖoa nunɔlagã ɖe sia ɖe be wòatsɔ nunanawo ana, eye wòasa vɔ; eya ta ehiã na ame sia hã be wòatsɔ nane ana.  Ke ne anyigba dzie wòle la, manye nunɔla o, elabena amewo li, siwo tsɔa nunanawo nana le Se la nu,  gake ame siawo le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm le dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli me; abe ale si ko esime Mose nɔ agbadɔa nu wum la, Mawu de se nɛ ene: Elabena egblɔ be: “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nuawo katã ɖe kpɔɖeŋu si wotsɔ fia wò le toa dzi la nu.”  Gake azɔ la, dutoƒo subɔsubɔdɔ si nyo wu sãsãsã ye le Yesu si, ale be wòzu nubabla aɖe si nyo wu ema la ƒe avuléla, si woɖo le se nu ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu la dzi.  Elabena ne ɖe vodada menɔ nubabla gbãtɔa ŋu o la, anye ne womedi nɔƒe na evelia o;  elabena fɔ bumee wòle ameawo esime wògblɔ be: “Yehowa gblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, eye mawɔ nubabla yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe la;  menye ɖe nubabla si mewɔ kple wo tɔgbuiwo le gbe si gbe melé woƒe alɔnu be makplɔ wo adzoe le Egipte nyigba dzi la nu o, elabena womeyi edzi nɔ nye nubabla la me o, eya ta medzudzɔ beléle na wo,’ Yehowa ye gblɔe.” 10  “‘Elabena esiae nye nubabla, si mawɔ kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke mawo megbe,’ Yehowa ye gblɔe. ‘Matsɔ nye sewo ade woƒe susu me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me. Eye mazu woƒe Mawu, eye woawo woazu nye dukɔ. 11  “‘Eye wo dometɔ aɖeke mafia nu wo detɔ kple nɔvia agblɔ be: “Nya Yehowa!” o. Elabena wo katã woanyam, tso wo dometɔ suetɔ dzi va se ɖe gãtɔ dzi. 12  Elabena makpɔ nublanui na woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.’” 13  Esi wògblɔ be “nubabla yeye” la, ena gbãtɔ la zu tsigãdzinu. Ke esusɔ vie ko nu si wona wòzu tsigãdzinu, eye wòle xoxo dom, la nu nayi.

Etenuŋɔŋlɔ