Hebritɔwo 12:1-29
12 Eya ta esi ɖasefowo ƒe alilikpo gã sia gbegbe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nu vɔ̃ si doa kplamatsɛ mí bɔbɔe la hã ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi,
2 esi míaƒe ŋku le míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo, si nye Yesu, la ŋu tututu. Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusi me.
3 Ɛ̃, mibu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya si gblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu ƒe fu la ŋu, bene ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le miaƒe luʋɔwo me o.
4 Le avuwɔwɔ kple nu vɔ̃ ma me la, miekpɔ tsi tsitre ɖe eŋu sesĩe va se ɖe keke ʋu me ke haɖe o,
5 gake mieŋlɔ nuxlɔ̃ame si wona mi abe viwo ene ya be keŋkeŋ, si nye: “Vinye, mègabu amehehe si tso Yehowa gbɔ la nu tsɛ o, eye ne eɖɔ wò ɖo la, negati wò o;
6 Elabena ame si Yehowa lɔ̃na la, eyae wòhea to na; le nyateƒe me la, eƒoa ame sia ame si wòxɔna abe vi ene la kple atam.”
7 Dzi si dom miele la, tohehee wònye. Mawu le nu wɔm ɖe mia ŋu abe viawo ene. Elabena vi kae li, si fofoa mehea to na o?
8 Gake ne womehea to na mi abe amewo katã ene o la, ekema gbɔmeyaviwo mienye, eye menye vi ŋutɔŋutɔwo o.
9 Gawu la, ŋutilãmefofowo nɔ mía si be woahe to na mí, eye míedea bubu wo ŋu. Ekema ɖe mele be míabɔbɔ mía ɖokui geɖe wu na Fofo si tsɔ gbɔgbɔ dzi mí la, be míanɔ agbe oa?
10 Elabena woawo hea to na mí le ale si wokpɔ be enyo la nu hena ŋkeke ʋɛ aɖewo, gake eya wɔnɛ le míaƒe viɖe ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye la me.
11 Nyateƒee, tohehe aɖeke medzena fifia dzidzɔnyae o, ke nuxanya boŋ; ke hã, emegbe la, etsea ŋutifafa ƒe ku, si nye dzɔdzɔenyenye, na ame siwo wotsɔe na hehee la.
12 Eya ta mido ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ kple klo siwo gbɔdzɔ la,
13 eye miyi edzi mianɔ mɔ dzɔdzɔe ɖem na miaƒe afɔwo, bene nu si gli la nagaɖe ɖa le enu o, ke be woada gbe le eŋu boŋ.
14 Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã, eye miti kɔkɔenyenye yome, elabena eya manɔmee la, ame aɖeke mate nu akpɔ Aƒetɔ la o,
15 eye minɔ kpɔkpɔm nyuie, be Mawu ƒe amenuveve la nagage le ame aɖeke si o; bene aɖi ƒe ke aɖeke nagamie aɖe fu na mi, eye wòana ame geɖewo nazu ame makɔmakɔwo o;
16 bene ame aɖeke naganye agbe gbegblẽ nɔla alo ame si medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesiwo na ɖe nuɖuɖu ɖeka ta, la ene o.
17 Elabena mienyae be emegbe hã, esi wòdi be yeanyi yayra la dome la, wogbe, elabena togbɔ be etsɔ aɖatsiwo di vevie be ye fofo natrɔ susu hã la, medze edzi o.
18 Elabena nu si gbɔ miete va la menye nu si ŋu woate ŋu aka asii, si wotɔ dzoe, kple alilikpo dodo, kple viviti tsiɖitsiɖi, kple ya sesẽ,
19 kple kpẽ ƒe ɖiɖi, kpakple nyawo ƒe ɖiɖi o; esi ameawo se gbe sia ƒe ɖiɖi la, woɖe kuku be, woagagblɔ nya aɖeke kpee na yewo o.
20 Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o, si nye be: “Eye ne lã aɖe hã ka toa ŋu la, ele be woaƒu kpee.”
21 Eye nu siwo teƒe wokpɔ la ɖi vɔvɔ̃ ale gbegbe be Mose gblɔ be: “Mele vɔvɔ̃m hele dzodzom nyanyanya.”
22 Ke nu si gbɔ miawo ya miete va lae nye Zion To kple Mawu gbagbe la ƒe du, dziƒo Yerusalem, kple mawudɔla akpeakpewo
23 ƒe takpekpe gã, kple ŋgɔgbevi siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame, kple Mawu, si nye amewo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, kple ame dzɔdzɔe siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi, siwo wowɔ bliboe,
24 kple Yesu si nye nubabla yeye ƒe avuléla, kpakple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel ƒe ʋu.
25 Mikpɔ nyuie be miagagbe ame si le nu ƒom la o. Elabena ne ame siwo gbe ame si nɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃ame nam le anyigba dzi la mete ŋu si o la, ekema ne míawo hã míetrɔ ɖa le ame si ƒoa nu tso dziƒo la yome la, míate ŋu asi gbeɖe o.
26 Ɣemaɣi la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe gblɔ be: “Egasusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖe koe maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.”
27 Ke nyagbɔgblɔ “Egasusɔ zi ɖeka” la fia nu siwo ʋuʋum wole la ɖeɖe ɖa abe nu siwo wowɔ ene, bene nu siwo ʋuʋum womele o la natsi anyi.
28 Eya ta esi wònye fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o lae míaxɔ la, mina míayi edzi axɔ amenuveve, si dzi míato awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu wòadze eŋu le mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto me.
29 Elabena mía Mawu la nye dzo si fiãa nu hã.

