Efesotɔwo 6:1-24

6  Ðeviwo, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia sɔ:  “Bu fofowò kple dawò”; si nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo:  “Bene eme nanyo na wò, eye nànɔ agbe didi le anyigba la dzi.”  Eye mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.  Mi kluviwo, mitsɔ bubu kple vɔvɔ̃ ɖo to ame siwo nye miaƒe aƒetɔwo le ŋutilã nu la le dzimekɔkɔ me, abe ale si miawɔe na Kristo la ene,  menye le ameŋkumenuwɔwɔ me abe ameŋudzelawo ene o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi, siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso luʋɔ blibo me la ene.  Mitsɔ lɔlɔ̃nu nyui wɔ miaƒe kluvidɔ la, abe ale si miawɔe na Yehowa ene, ke menye na amewo o,  elabena mienyae be, nu nyui sia nu nyui si ame sia ame awɔ la, eya kee wòaxɔ tso Yehowa gbɔ, eɖanye kluvi alo ablɔɖeme o.  Eye mi aƒetɔwo hã, miyi edzi mianɔ nu siawo ke wɔm na wo, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo, elabena mienyae be mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele egbɔ o. 10  Mlɔeba la, miyi edzi mianɔ ŋusẽ xɔm le Aƒetɔ la kple eƒe ŋutete ƒe ŋusẽ gã la me. 11  Mido aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la, bene miate ŋu anɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu; 12  elabena míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple dziɖuɖuwo, kple ŋusẽwo, kple viviti sia ƒe xexemedziɖulawo, kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me. 13  Esia ta mitsɔ aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la, bene miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewɔ nuwo katã nyuie vɔ la, ne mianɔ tsitre sesĩe. 14  Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye mitsɔ nyateƒe la bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la, 15  eye mitsɔ dzadzraɖoɖi hena ŋutifafa ƒe nya nyui la do ɖe miaƒe afɔwo. 16  Vevietɔ la, mitsɔ xɔse ƒe ametakpɔnu gã, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo nu la, ɖe asi. 17  Eye mixɔ xɔxɔ ƒe gakuku la, kple gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya, la hã, 18  eye mitsɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe ƒomevi kple kokoƒoƒowo do gbe ɖa ɣeawokatãɣi le gbɔgbɔ me. Le esia ta minɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi, ne mianɔ kokoƒoƒo dzi ɖe ame kɔkɔewo katã ta, 19  kple nye hã tanye, be ne meke nu la, woana nuƒoƒo ƒe ŋutetem, bene mate ŋu aƒo nu dzinɔameƒotɔe ana woanya nya nyui la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la, 20  si ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔwo me ɖo; bene matsɔ dzideƒo aƒo nu tso eŋu abe ale si wòdze be maƒo nui ene. 21  Ke bene miawo hã mianya ale si nuwo le edzi yim le gbɔnye, ale si mele la, nɔvi lɔlɔ̃tɔ Tixiko, si nye subɔla nyateƒetɔ le Aƒetɔ la me la, ana mianya nu sia nu. 22  Mele edɔm ɖe mia gbɔ le susu sia tututu ta, be mianya ale si nuwo le le mía gbɔ, eye be wòafa akɔ na miaƒe dziwo. 23  Ŋutifafa kple lɔlɔ̃, si ŋu xɔse kpe ɖo la, natso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na nɔviawo. 24  Amenuveve nanɔ anyi kple ame siwo katã si lɔlɔ̃, si nu metsina o, le na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la.

Etenuŋɔŋlɔ