Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 14

Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ƒe Xɔxɔ Ta’

Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ƒe Xɔxɔ Ta’

1, 2. Aleke Biblia ɖɔ nɔnɔme si me ameƒomea le, eye mɔ ɖeka ka ko dzie woato ado le eme?

“NUWƆWƆ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Nya mawoe apostolo Paulo gblɔ tsɔ ɖɔ nɔnɔme wɔnublanui si me míele lae. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, edze abe ɖe mɔ aɖeke meli si dzi woato ado le fukpekpe, nuvɔ̃, kple ku si me o ene. Gake Yehowa menye wɔnamanɔŋutɔ abe amegbetɔwo ene o. (Mose IV, 23:19) Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la wɔ alesi míawɔ ado le fukpekpea me ƒe ɖoɖo na mí. Woyɔa ɖoɖo sia be tafe.

2 Tafeae nye Yehowa ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòna amegbetɔwo. Eʋu mɔ na mí be míakpɔ ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku me. (Efesotɔwo 1:7) Eya dzie wotu agbe mavɔ nɔnɔ, eɖanye le dziƒo loo alo le paradisonyigba dzi o, la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. (Luka 23:43; Yohanes 3:16; Petro I, 1:4) Gake nuka koŋue nye tafe la? Nukae wòfia mí tso Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye si ƒo ɖesiaɖe ta ŋu?

Alesi Wòdzɔe be Tafe Va Hiã

3. (a) Nukata tafea va hiã? (b) Nukata Mawu mate ŋu ate fli ɖe kufiatsotso na Adam ƒe dzidzimeviwo me ko o?

3 Adam ƒe nuvɔ̃ tae tafea va hiã ɖo. To Adam ƒe tomaɖomaɖo Mawu me la, egblẽ domenyinu si nye dɔléle, konyifafa, vevesese, kple ku ɖi na eƒe dzidzimeviwo. (Mose I, 2:17; Romatɔwo 8:20) Mawu mate ŋu anɔ te ɖe seselelãme dzi ko ate fli ɖe kufiatsotsoa me o. Ema wɔwɔ anye aɖabaŋeŋe ƒu eya ŋutɔ ƒe se dzi, esi gblɔ be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Eye ne ɖe Yehowa gbe eya ŋutɔ ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ la, ke tɔtɔ kple sedzimawɔmawɔ ye ava xɔ anyinɔ ɖe xexeame godoo!

4, 5. (a) Aleke Satana gblẽ Mawu ŋui, eye nukata wòle kokoko be Yehowa naɖo nutsotso mawo ŋu? (b) Nya kae Satana tsɔ ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ŋu?

 4 Abe alesi míekpɔe le Ta 12 lia me ene la, aglãdzedze le Eden-bɔa me fɔ nya siwo galolo wu aglãdzedzea ŋutɔ gɔ̃ hã ɖe te. Satana ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ nyui la. Nusi wòwɔ enye be etso Yehowa nu be enye alakpatɔ kple ŋutasẽla, amedzizila si gbe ablɔɖe nana eƒe nuwɔwɔwo. (Mose I, 3:1-5) Esi wòdze abe ɖe Satana gblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana ame dzɔdzɔewo nayɔ anyigba la dzi me ene ta la, eto eƒe nuwɔna sia me tso Mawu nu be enye amesi do kpo nu. (Mose I, 1:28; Yesaya 55:10, 11) Ne ɖe Yehowa mena wokpɔ ŋuɖoɖo na nya siawo siwo wotsɔ ɖe eŋu o la, anye ne eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le dometɔ geɖe magaka ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi le nu geɖe me o.

5 Satana gagblɔ alakpanya ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã ŋu, hetso wo nu be ɖokuitɔdidi ta koe wole Eyama subɔm ɖo eye be ne wona woto nɔnɔme sesẽwo me la, wo dometɔ aɖeke mayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu o. (Hiob 1:9-11) Nya siawo siwo fɔ ɖe te la le vevie kura wu nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔwo ge ɖo. Eyata esɔ be Yehowa kpɔe be ehiã be yeaɖo Satana ƒe alakpanutsotsoawo ŋu. Gake mɔ ka dzie Mawu ato akpɔ nya siawo gbɔ agaɖe ameƒomea hã tso woƒe nɔnɔme wɔnublanuia me?

Tafe—Enye Nusi Sɔ Ðe Enu

6. Nya kawoe wozãna le Biblia me tsɔ ɖɔa nusi Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomeae?

6 Alesi Yehowa kpɔ nya la gbɔe la nye nusi me nublanuikpɔkpɔ gã aɖe le eye wòsɔ hã ale gbegbe—enye mɔnu si amegbetɔ aɖeke mate ŋu ato vɛ akpɔ o. Ke hã enye mɔnu si le bɔbɔe ŋutɔ hã. Woyɔnɛ le mɔ vovovowo nu be enye nu ƒeƒle, avuléle, ɖeɖe, fexexeɖeta, kple avulévɔsa. (Psalmo 49:9; Daniel 9:24; Galatiatɔwo 3:13; Kolosetɔwo 1:20; Hebritɔwo 2:17) Gake ɖewohĩ nyagbɔgblɔ si ɖɔ nɔnɔmea wòsɔ  wu enye esi Yesu ŋutɔ zã. Egblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana tafee [Helagbe, lyʹtron] ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.”—Mateo 20:28, NW.

7, 8. (a) Nukae nya “tafe” fia le Ŋɔŋlɔawo me? (b) Mɔ kawo nue tafe fia sɔsɔ ɖe nu nu le?

7 Nukae nye tafe? Woɖe Helagbe me nya si wozã le afisia tso dɔwɔnya si gɔmee nye “woatu nusi wobla, woaɖe asi le nusi wolé ŋu” me. Wozãa nyagbɔgblɔ sia le nuƒoƒo tso ga si woxe be woaɖe asi le amesiwo wolé le aʋawɔwɔ me ŋu. Eyata woate ŋu aɖe tafe gɔme koŋ be enye nane si woxe be woagbugbɔ nane aƒle. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woɖe nya si nye “tafe” (koʹpher) tso dɔwɔnya si gɔmee nye “woatsyɔ nu nu dzi” me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Noa be ele be wòatsɔ aŋɔ “atre” (nya ma ke ƒomevi aɖe) aɖakaʋua. (Mose I, 6:14) Esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be, be woaxe tafe fia hã be woatsyɔ nu nuvɔ̃wo dzi.—Psalmo 65:4.

8 Eɖe dzesi be agbalẽ si nye Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be nya sia (koʹpher) “fiaa nusi ƒe asixɔxɔ sɔ kple bubu tɔ ɣesiaɣi,” alo nusi sɔ ɖe enu. Eyata nubablaɖaka ƒe nutsyɔnu sɔ ɖe aɖaka la ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu. Nenema ke be woaxe tafe, alo atsyɔ nu nuvɔ̃ dzi la, ele be woaxe fe si sɔ ɖe nu gbegblẽ si do tso nuvɔ̃ me nu, alo esi atsyɔ nu gbegblẽa dzi pɛpɛpɛ. Eyata Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel gblɔ be: “Agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”—Mose V, 19:21.

9. Nukatae nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ tsɔ lãwo sa vɔe, eye aleke Yehowa bu vɔsa mawoe?

9 Nuteƒewɔla siwo nɔ anyi tso Habel dzi la tsɔ lãwo sa vɔe na Mawu. Le esia wɔwɔ me la, woɖee fia be yewonya be nuvɔ̃ li eye be ehiã be yewoakpɔ ɖeɖe, eye yewoxɔ ŋugbe si Mawu do be yeana ablɔɖe yewo to yeƒe “dzidzimevi” dzi la  dzi se. (Mose I, 3:15; 4:1-4; Mose III, 17:11; Hebritɔwo 11:4) Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa mawo ŋu eye wòna amesiwo subɔnɛ la kpɔ tenɔnɔ nyui le egbɔ. Ke hã ne lãwo tsɔtsɔ sa vɔe xɔ asi ƒã hã la, kpɔɖeŋu nuwɔna aɖe koe wònye. Lãwo mate ŋu atsyɔ amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ dzi ŋutɔŋutɔ o, elabena womexɔ asi de amegbetɔwo nu o. (Psalmo 8:5-9) Esia tae Biblia gblɔ be: “Nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o.” (Hebritɔwo 10:1-4) Kpɔɖeŋunuwo koe vɔsa mawo nye, alo wotsi tre ɖi na tafevɔsa vavã si nɔ ŋgɔ gbɔna.

‘Tafe si Sɔ Ðe Enu Pɛpɛpɛ’

10. (a) Amekae wòle be tafexela nasɔ kple, eye nukatae? (b) Nukata ame ɖeka ƒe vɔsa koe hiã?

10 Apostolo Paulo gblɔ be: “Amewo katã ku le Adam me.” (Korintotɔwo I, 15:22) Eyata ele be tafexela nanye amesi sɔ pɛpɛpɛ kple Adam—amegbetɔ deblibo—ƒe ku. (Romatɔwo 5:14) Nuwɔwɔ ƒomevi bubu aɖeke meli si ate ŋu ada asɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe nudanu dzi o. Amegbetɔ deblibo, ame aɖe si ŋu Adam ƒe nuvɔ̃ mele o, koe ate ŋu axe ‘tafe si sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ’—amesi sɔ tututu kple Adam. (Timoteo I, 2:6) Mahiã be woatsɔ ame miliɔn geɖe asa vɔe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖesiaɖe ta o. Apostolo Paulo ɖe eme be: ‘To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va.’ (Romatɔwo 5:12) Eye “esi wònye ame mee ku la to va” ŋuti la, Mawu wɔ ɖoɖo be ameƒomea nakpɔ ɖeɖe ‘to ame dzi.’ (Korintotɔwo I, 15:21) Le mɔ ka nu?

‘Tafe si sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ na amewo katã’

11. (a) Aleke tafexela ‘aɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nui’? (b) Nukatae tafea mate ŋu aɖe vi na Adam kple Xawa o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

11 Yehowa wɔ ɖoɖo be yeana amegbetɔ deblibo si lɔ̃ faa la natsɔ eƒe agbe asa vɔe. Romatɔwo 6:23 gblɔ be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” Ne tafexela tsɔ eƒe agbe sa vɔe la, ekema ‘aɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu.’ Ne míagblɔe bubui la, axe fe ɖe Adam ƒe nuvɔ̃a ta. (Hebritɔwo 2:9; Korintotɔwo II, 5:21; Petro I, 2:24) Esia anye afɔɖeɖe vevi si me susu le le senyawo  me. To flitete ɖe kufɔbubu si le Adam ƒe dzidzimevi siwo nye toɖolawo dzi me la, tafea aɖe nuvɔ̃ ƒe nugblẽŋusẽ ɖa le etsoƒe, alo eƒe agunu, tututu. *Romatɔwo 5:16.

12. Wɔ alesi fexexeɖeta ɖeka aɖe ate ŋu ahe viɖe vɛ na ame geɖe la ƒe kpɔɖeŋu.

12 Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be nèle du aɖe si me woxɔ ame akpa gãtɔ be woawɔ dɔ le adzɔnuwɔƒe gã aɖe. Woxea fe na mia kple wò dɔwɔhatiwo nyuie ɖe miaƒe dɔwo ta eye agbe dze edzi na mi. Aleae wònɔ vaseɖe ŋkeke si dzi wotu dɔwɔƒea. Ðe susu ka ta? Amegã si le dɔa dzi kpɔm fi ga, ale be dɔwɔƒea ɖu agba. Esi dɔ ge le mia kple wò dɔwɔhatiwo si kpata ta la, miete ŋu gale miaƒe nugblẽfewo xem o. Mia srɔ̃wo, mia viwo, kple amesiwo do nugbana na mi siaa va le fu kpem le ame ɖeka aɖe ƒe fififi ta. Ðe mɔ aɖe li si dzi woato ado le nɔnɔme sia mea? Ẽ! Kesinɔtɔ dɔmenyotɔ aɖe ɖo be yeaxɔ na mi. Enya alesi gbegbe dɔwɔƒea le vevie. Egase veve hã ɖe dɔwɔla gbogboawo kple woƒe ƒomewo nu. Eyata ewɔ ɖoɖo be yeaxe fe si dɔwɔƒea nyi bene woate ŋu agaʋui. Fexexeɖeta ɖeka ma na be dɔwɔla geɖe kple woƒe ƒomewo kpakple nugbanadonamelawo kpɔ gbɔdzɔe. Nenema ke fe si Adam nyi la xexe he viɖe gbogbowo vɛ na ame miliɔn geɖewo.

Amekae Tsɔ Tafea Na?

13, 14. (a) Aleke Yehowa na tafe ɖe ameƒomea tae? (b) Amekae woxe tafea na, eye nukatae fexexeɖeta sia hiã?

13 Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana “alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina” la. (Yohanes 1:29) Gake Mawu meɖo mawudɔla ɖesiaɖe ko ɖa be wòava xɔ na ameƒomea o. Ke boŋ  Amesi ate ŋu ana nusi hiã bliboe, eye wòaɖo nya si Satana tsɔ ɖe Yehowa subɔlawo ŋu la ŋu keŋkeŋ lae wòɖo ɖa. Ẽ, Yehowa tsɔ vɔsa gãtɔ kekeake na to eƒe Tenuvi, “amesi ƒe nu nyoa eŋu vevie,” ɖoɖoɖa me. (Lododowo 8:30, NW) Mawu ƒe Vi la lɔ̃ faa ‘ɖi gbɔlo eɖokui’ esi wògblẽ ɖoƒe si nɔ esi le dziƒo ɖi. (Filipitɔwo 2:7) Yehowa wɔ nukunu aɖe esi wòtrɔ eƒe Ŋgɔgbevi si le dziƒo ƒe agbe kple eƒe nɔnɔme va de Yuda ɖetugbi nɔaƒe Maria ƒe vidzidɔ me. (Luka 1:27, 35) Ne wodzii amegbetɔe la, woayɔe be Yesu. Gake le senyawo me la, woate ŋu ayɔe be Adam evelia, elabena esɔ bliboe pɛpɛpɛ kple Adam. (Korintotɔwo I, 15:45, 47) Eyata Yesu ate ŋu atsɔ eɖokui asa vɔe wòanye tafe ɖe ameƒome nuvɔ̃mewo ta.

14 Amekae woaxe tafea na? Psalmo 49:8 gblɔe tẽ be woxe tafea “na Mawu.” Gake ɖe menye Yehowa ŋutɔe nye amesi wɔ tafe ƒe ɖoɖoa oa? Ẽ, eyae, gake esia mena tafea zu nu ɖɔliɖɔli si ŋu gɔmesese mele si wowɔ abe kɔnu ko ene o—abe ga ɖeɖe le kotoku ɖeka me atsɔ ade bubu me ene o. Ele be míase egɔme be tafea menye ŋutilãmenu ŋutɔŋutɔ aɖe ɖɔliɖɔli o, ke boŋ enye nusi wobia le senyawo me la tsɔtsɔna. Esi Yehowa na woxe tafea, togbɔ be esia bia nu gã aɖe tso eya ŋutɔ si hã la, eɖo kpe alesi wòwɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye deblibo dzi ɣesiaɣi nuwo matrɔmatrɔe la dzi.—Mose I, 22:7, 8, 11-13; Hebritɔwo 11:17; Yakobo 1:17.

15. Nukata wòhiã be Yesu nakpe fu ahaku?

15 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu Kristo lɔ̃ faa tsɔ eɖokui na be yeato fukpekpe si ava wu enu ɖe tafea xexe me la me. Eɖe mɔ le eɖokui ŋu faa be woalé ye ɖe alakpa nutsotsowo ta, woadrɔ̃ ʋɔnu ye be yeɖi fɔ, eye woaklã ye ɖe fuwɔameti ŋu. Ðe wòhiã ŋutɔŋutɔ be Yesu nato fukpekpe siawo gbegbe mea? Ẽ, elabena ele be woakpɔ Mawu ƒe subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe nya la gbɔ. Míade dzesii be Mawu meɖe mɔ be fia Herodes nawu Yesu le eƒe vidzĩme o. (Mateo 2:13-18)  Gake esime Yesu tsi la, ete ŋu nɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedze dziŋɔa nu eye wòse nya siwo fɔ ɖe te la gɔme bliboe. * Esi Yesu yi edzi nye ‘nuteƒewɔla, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome’ togbɔ be eto fukpekpe manyagblɔwo me hã la, eɖee fia kɔte be amesiwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me la le Yehowa si. (Hebritɔwo 7:26) Eyata mewɔ nuku o be do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, egblɔ sesĩe aʋadziɖuɖutɔe be: “Wowu nu vɔ!”—Yohanes 19:30.

Eƒe Ðeɖedɔ la Nu Wuwu

16, 17. (a) Aleke Yesu yi eƒe ɖeɖedɔa dzii? (b) Nukata wòhiã be Yesu ‘nado ɖe Mawu ŋkume ɖe mía ta’?

16 Yesu mewu eƒe ɖeɖedɔ la nu haɖe o. Le Yesu ƒe ku ŋkeke etɔ̃agbe la, Yehowa fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. (Dɔwɔwɔwo 3:15; 10:40) To nu vevi sia wɔwɔ me la, menye ɖeko Yehowa ɖo eteƒe na Via ko o, ke ena mɔnukpɔkpɔ hãe be wòawu eƒe ɖeɖedɔ la nu esi wòzu Nunɔlagã si Mawu tia. (Romatɔwo 1:4; Korintotɔwo I, 15:3-8) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Kristo va nye . . . nunɔlagã, . . . eye metsɔ gbɔ̃tsuwo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ. Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotsɔ asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta.”—Hebritɔwo 9:11, 12, 24.

 17 Kristo mate ŋu atsɔ eƒe ʋu ŋutɔŋutɔ ayi dziƒo o. (Korintotɔwo I, 15:50) Ke boŋ nusi eƒe ʋua tsi tre ɖi na lae wòtsɔ yii: eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe la ƒe asixɔxɔ le se nu. Eyome eva do ɖe Mawu ŋkume hetsɔ agbe si wòtsɔ na tafee ɖe ameƒome wɔnuvɔ̃wo ta la ƒe asixɔxɔ nɛ. Ðe Yehowa xɔ vɔsa ma? Ẽ, exɔe, eye esia dze le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃la siwo ade 120 dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Togbɔ be esia nye dzidzɔ gã aɖe hã la, viɖe gbogbo si tafea ahe vɛ la ƒe gɔmedzedze koe nye ma.

Tafea ƒe Viɖewo

18, 19. (a) Amewo ƒe ƒuƒoƒo eve kawoe akpɔ viɖe tso ɖekawɔwɔ si Kristo ƒe ʋu he vɛ la me? (b) Viɖe siwo tafea he vɛ na “ameha gã” la fifia kple esi woava kpɔ le etsɔme ƒe ɖewo ɖe?

18 Le Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo me la, eɖe eme be edze Mawu ŋu be yeato Kristo dzi alé avu le Eɖokui kple nu bubuwo katã dome esi wòwɔ ŋutifafa to Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi le fuwɔametia ŋu la dzi. Paulo gaɖe eme hã be avuléle sia lɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo vovovo eve ɖe eme, siwo nye “nusiwo le dziƒo” kple “nusiwo le anyigba dzi.” (Kolosetɔwo 1:19, 20; Efesotɔwo 1:10) Ƒuƒoƒo gbãtɔ enye Kristotɔ ame 144,000 siwo wona mɔkpɔkpɔe be woasubɔ le dziƒo anye nunɔlawo eye woaɖu fia kple Kristo Yesu ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:4; 14:1-3) To wo dzi la, woazã tafea ƒe viɖewo vivivi ɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu ƒe akpe ɖeka be wòaɖe vi na wo.—Korintotɔwo I, 15:24-26; Nyaɖeɖefia 20:6; 21:3, 4.

19 “Nusiwo le anyigba dzi” ye nye amesiwo le mɔ kpɔm be yewoase vivi le agbe deblibo nɔnɔ me le Paradisonyigba dzi. Nyaɖeɖefia 7:9-17 yɔ wo be wonye “ameha gã” si atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna me. Gake mehiã be woalala ɣeyiɣi ma naɖo hafi woadze vivi sese le tafea ƒe viɖewo me o. ‘Wonyã woƒe awuwo eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me’ xoxo. Esi wotsɔa tafea dzixɔxɔse wɔa dɔe ta la, wole gbɔgbɔ me viɖewo  kpɔm tso lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo ma me fifia gɔ̃ hã. Wonye Mawu xɔlɔ̃wo eye ebu wo ame dzɔdzɔewoe! (Yakobo 2:23) Le Yesu ƒe vɔsa ta la, woate ŋu atsɔ “dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ.” (Hebritɔwo 4:14-16) Ne woda vo la, wokpɔa tsɔtsɔke ŋutɔŋutɔ. (Efesotɔwo 1:7) Togbɔ be womede blibo o hã la, dzitsinya dzadzɛ sua wo si. (Hebritɔwo 9:9; 10:22; Petro I, 3:21) Eyata be woadzra woa kple Mawu dome ɖo la menye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ enye nusi le dɔ wɔm ŋutɔŋutɔ egbea! (Korintotɔwo II, 5:19, 20) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ‘woaɖe wo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me’ eye mlɔeba ‘woayi ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.’—Romatɔwo 8:21.

20. Aleke ŋugbledede le tafea ŋu wɔ dɔ ɖe wò ŋutɔ dziwòe?

20 ‘Míeda akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi’ ɖe tafea ta! (Romatɔwo 7:25) Enye gɔmeɖose bɔbɔe aɖe, ke hã enye nu gã ale gbegbe be ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu deto yɔa mía me fũ ɖe eta. (Romatɔwo 11:33) Eye ne míede ŋugble le tafea ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, ewɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi, eye wòtea mí ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la ŋu. Abe hakpala la ene la, esɔ le go sia go me be míakafu Yehowa, amesi ‘lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.’—Psalmo 33:5.

^ mm. 11 Tafea mate ŋu aɖe vi na Adam kple Xawa o. Mose ƒe Sea gblɔ gɔmeɖose sia ku ɖe amesi ɖoe koŋ wu ame ŋu be: “Miaxɔ fe ɖe hlɔ̃dola, si wotso kufia na la ta o, ele be, woawui kokoko.” (Mose IV, 35:31) Eyata eme kɔ ƒã be Adam kple Xawa dze na ku elabena ɖe wolɔ̃ faa hetiae be yewoagbe toɖoɖo Mawu, togbɔ be wonya hã. To esia wɔwɔ me la, woɖe asi le woƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.

^ mm. 15 Be nuwo nada asɔ le Adam ƒe nuvɔ̃ ɖeɖe ɖa me la, ele be Yesu naku abe ŋutsu deblibo ene, ke menye abe vidzĩ deblibo ene o. Ðo ŋku edzi be ɖe Adam ɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃, eye enya ŋkubiãnya si wònye kple nusiwo ado tso eme nyuie hafi wɔe. Eyata be Yesu nazu “Adam mamlɛtɔ” eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃ ma dzi la, ele be wòanye ame tsitsi ƒe nyametsotso kple tiatia si wònya nyuie hafi wɔ, be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. (Korintotɔwo I, 15:45, 47) Eyata Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe agbenɔnɔ bliboa—si me eƒe vɔsakua hã nɔ—nye “nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka.”—Romatɔwo 5:18, 19.