Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 138

Kristo Le Mawu Ƒe Ðusime

Kristo Le Mawu Ƒe Ðusime

DƆWƆWƆWO 7:56

  • YESU BƆBƆ NƆ MAWU ƑE DUSIME

  • SAUL VA ZU NUSRƆ̃LA

  • SUSU NYUIWO LI SI TA MÍAKPƆ DZIDZƆ ÐO

Gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekoste ŋkekea dzi ŋkeke ewo le Yesu ƒe lialia yi dzi megbe la ɖo kpe edzi be eyi dziƒo vavã. Eye esia ŋuti kpeɖodzi bubu aɖe hã nɔ ŋgɔ. Hafi woaƒu kpe nusrɔ̃la Stefano ɖe eƒe ɖaseɖiɖi nuteƒewɔwɔtɔe ta teti la, edo ɣli gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Amegbetɔvi la wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.”—Dɔwɔwɔwo 7:56.

Esi Yesu yi Fofoa gbɔ le dziƒo la, elala va se ɖe esime Fofoa de se aɖe si ŋu nya wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nyaa me la nɛ. Gbɔgbɔ ʋã David wòŋlɔ bena: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ [Yesu] be: ‘Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.’” Ne ɣeyiɣi si me wòalala la de la, ayi aɖaɖu “dzi le [eƒe] futɔwo titina.” (Psalmo 110:1, 2) Gake nu kae Yesu anɔ wɔwɔm le dziƒo esime wòle lalam be ɣeyiɣia nade yeatso ɖe yeƒe futɔwo ŋu?

Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, woɖo Kristo hamea anyi. Yesu dze dziɖuɖu gɔme ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la dzi tso dziƒo. (Kolosetɔwo 1:13) Efia mɔ wo le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòdzra wo ɖo ɖe dɔ si woava wɔ le etsɔme la ŋu. Dɔ kae? Woafɔ wo dometɔ siwo awɔ nuteƒe va se ɖe ku me la ɖe tsitre be woava nye fiawo le Fiaɖuƒea me kple Yesu.

Ame siwo ava nye fiawo le etsɔme la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye Saul, alo Paulo, si nye eƒe Roma ŋkɔ si ame geɖe nya nɛ. Enye Yudatɔ si me dzo le ɖe Mawu ƒe Sea ŋu tso ɣeaɖeɣi ke, gake Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo na wòtra mɔ ale gbegbe be eda asi ɖe edzi be woaƒu kpe Stefano gɔ̃ hã. Ɣemaɣi la, Saul si lé ‘ŋɔdzidodo kple amewuwu ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋu’ la ɖo ta Damasko. Nunɔlagã Kayafa na ŋusẽe be wòayi aɖalé Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ahakplɔ wo agbɔ va Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 7:58; 9:1) Ke hã esime Saul nɔ mɔa dzi la, kekeli gã aɖe klẽ ƒo xlãe eye wòdze anyi.

Gbe aɖe ɖi be, “Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?” gake mekpɔ ame si nɔ nua ƒom la o. Saul bia be: “Wò, ame kae, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle la.”—Dɔwɔwɔwo 9:4, 5.

 Yesu gblɔ na Saul be wòayi Damasko, eye wòalala woana mɔfiame bubuwoe, ke hã ehiã be woakplɔe ayi dua me, elabena kekeli wɔnuku la gbã ŋku nɛ. Le ŋutega bubu me la, Yesu ɖe eɖokui fia Anania, si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si le Damasko. Yesu na mɔfiamewo Anania ku ɖe ale si wòawɔ ake ɖe Saul ŋu. Anania nɔ vɔvɔ̃m be yeayi, gake Yesu gblɔ nɛ be: “Ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel-viwo.” Saul gakpɔ nu, eye wòde asi gbeƒãɖeɖe me le Damasko “tso Yesu ŋu be, ame siae nye Mawu ƒe Vi la.”—Dɔwɔwɔwo 9:15, 20.

Le Yesu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Paulo kple nyanyuigblɔla bubuwo yi gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme Yesu dze la dzi. Mawu ƒe yayra wɔe be woƒe dɔa kpɔ dzidzedze ŋutɔ. Anɔ abe ƒe 25 ene megbe tso esime Yesu ɖe eɖokui fia Paulo le Damasko mɔa dzi la, Paulo gblɔ ku ɖe nya nyuia ŋu be, “woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te” la dome.—Kolosetɔwo 1:23.

Ƒe geɖe megbe la, Yesu na apostolo Yohanes si wòlɔ̃ la kpɔ ŋutega vovovo siwo míakpɔ le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Eya ta to ŋutega siawo dzi la, Yohanes nɔ agbe kpɔ Yesu ƒe tɔtrɔgbɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me. (Yohanes 21:22) Ɛ̃, “gbɔgbɔ la [kplɔ Yohanes] yi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la me.” (Nyaɖeɖefia 1:10) Ɣekaɣie esia dzɔ?

Biblia me nyagblɔɖiwo me dzodzro nyuie na eme kɔ be “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la” dze egɔme le mía ŋɔli. Le ƒe 1914 me la, nu si wova tsɔ ŋkɔ na be Xexemeʋa I la dze egɔme. Eye ƒe geɖewoe nye esia tso ɣemaɣi la, aʋawɔwɔwo, dɔ vɔ̃wo, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo kple nudzɔdzɔ bubu siwo nye Yesu ƒe “anyinɔɣi” kple ‘nuwuwua’ ŋuti “dzesi” si ŋu wòƒo nu tsoe na eƒe apostoloawo la le eme vam le mɔ si lolo wu nu. (Mateo 24:3, 7, 8, 14) Fifia wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, menye le Roma Fiaɖuƒea ɖeɖe ko me o, ke boŋ le xexe bliboa katã me.

Gbɔgbɔ ʋã Yohanes wògblɔ nu si nudzɔdzɔ mawo fia la ale: “Azɔ mía Mawu ƒe xɔname kple ŋusẽ kple Fiaɖuƒe kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Vavãe, Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo, si Yesu ɖe gbeƒãe le afi sia afi la nye nu ŋutɔŋutɔ!

Nya nyui aɖe ŋutɔe esia nye na Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo katã. Yohanes ƒe nya siawo dea dzi ƒo na wo. Egblɔ be: “Eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo le wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.”—Nyaɖeɖefia 12:12.

Eya ta Yesu megale lalam le Fofoa ƒe nuɖusime o. Enye Fia le dzi ɖum, eye ava tsrɔ̃ eƒe futɔwo ɖa kpuie. (Hebritɔwo 10:12, 13) Dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee nye esi le mía ŋgɔ!