Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 137

Ame Alafawo Kpɔe Do Ŋgɔ Na Pentekoste Ŋkekea

Ame Alafawo Kpɔe Do Ŋgɔ Na Pentekoste Ŋkekea

MATEO 28:16-20 LUKA 24:50-52 DƆWƆWƆWO 1:1-12; 2:1-4

  • YESU ÐE EÐOKUI FIA AME GEÐE

  • EDZO YI DZIƑO

  • YESU KƆ GBƆGBƆ KƆKƆE ÐE NUSRƆ̃LA 120 DZI

Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, ewɔ ɖoɖo be yeƒe apostolo 11-awo nado go ye le to aɖe dzi le Galilea. Nusrɔ̃la bubu siwo ade 500 hã nɔ afi ma, eye le gɔmedzedzea me la, wo dometɔ aɖewo nɔ ɖi kem. (Mateo 28:17; 1 Korintotɔwo 15:6) Gake nya si Yesu gblɔ azɔ la na wo katã woka ɖe edzi be ele agbe vavã.

Yesu gblɔ na wo be Mawu tsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi na ye. Eya ta egblɔ na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.” (Mateo 28:18-20) Ɛ̃, menye ɖeko Yesu le agbe o, ke edi vevie hã be woaɖe gbeƒã nya nyuia.

Yesu yomedzelawo katã, siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo le lae wòde dɔ asi na be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. Tsitretsiɖeŋulawo adze agbagba be yewoatsi woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa nu, gake Yesu de dzi ƒo na wo esi wògblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.” Nu kae esia fia na eyomedzelawo? Egblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” Yesu megblɔ be ame siwo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me lae woana ŋusẽe be woawɔ nukudɔwo o. Ke hã gbɔgbɔ kɔkɔea anɔ kpli wo.

Le wo katã me la, Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo ‘le ŋkeke blaene me’ le eƒe tsitretsitsi megbe. Eɖe eɖokui fia eyomedzelawo le ŋutilã me le mɔ vovovowo nu tsɔ ɖee “fia wo be yele agbe to kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi,” eye wòƒo nu na wo “tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 1:3; 1 Korintotɔwo 15:7.

Anɔ eme be esime apostoloawo ganɔ Galilea ye Yesu gblɔ na wo be woatrɔ ayi Yerusalem. Esime wòkpe kpli wo le dua me la, egblɔ na wo be: “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ minɔ nu si ŋugbe Fofo la do, si ŋu nya miese tso gbɔnye la lalam; elabena tsie Yohanes tsɔ nyrɔ amewo, ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔe ye woatsɔ anyrɔ mi.”—Dɔwɔwɔwo 1:4, 5.

Emegbe Yesu gakpe kple eƒe apostoloawo. Ekplɔ wo do goe “va se ɖe keke Betania,” si le Amitoa ŋu le eƒe ɣedzeƒekpa dzi ke. (Luka 24:50) Togbɔ be Yesu gblɔ nya geɖe na wo tso eƒe dzodzo ŋu va yi hã la, wogasusui kokoko be le mɔ aɖe nu la, eƒe Fiaɖuƒea anɔ anyigba dzi.—Luka 22:16, 18, 30; Yohanes 14:2, 3.

Apostoloawo bia Yesu be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Eɖo eŋu na wo kpuie ko be: “Mehiã be mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Fofo la ɖo le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o.” Eyome egate gbe ɖe dɔ si wòle be woawɔ la dzi esi wògblɔ be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:6-8.

Apostoloawo nɔ Amitoa dzi kple Yesu si wofɔ ɖe tsitre la esime wòde asi dziƒoyiyi me. Kasia alilikpo aɖe va xe wo ŋkume. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia le ŋutilã me le mɔ vovovowo nu. Ke azɔ la, amegbetɔŋutilã si me Yesu ɖe eɖokui fia le le go sia me la trɔ zu gbɔgbɔŋutilã, eye wòdzo yi dziƒo abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ ene. (1 Korintotɔwo 15:44, 50; 1 Petro 3:18) Esime apostolo wɔnuteƒeawo fɔ ŋku ɖe edzi le ekpɔm la, ‘ŋutsu eve le awu ɣiwo me’ va tɔ ɖe wo gbɔ. Wonye mawudɔla siwo do amegbetɔŋutilã, eye wobia be: “Galilea ŋutsuwo, nu ka tae mietɔ ɖi le dziƒo kpɔm? Yesu sia si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, ava nenema ke abe ale si miekpɔe wòle dziƒo yim ene.”—Dɔwɔwɔwo 1:10, 11.

Yesu medzo le anyigba dzi le hoowɔwɔ me o, eye eyomedzela wɔnuteƒewo koe kpɔ eƒe dzodzoa teƒe. ‘Nenema kee’ eƒe tɔtrɔgbɔ hã anɔ—manye le  hoowɔwɔ me o, eye eyomedzela wɔnuteƒewo koe akpɔ eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me adze sii.

Apostoloawo trɔ yi Yerusalem. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, woawo kple nusrɔ̃la bubu siwo dome “Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo” le la va ƒo ƒu. (Dɔwɔwɔwo 1:14) Ame siawo nɔ gbedodoɖa dzi vevie. Nu siwo ŋu wonɔ gbe dom ɖa le dometɔ ɖekae nye be woatia nusrɔ̃la aɖe ne wòaxɔ ɖe Yuda Iskariot teƒe, ale be apostoloawo ƒe xexlẽme nagade 12. (Mateo 19:28) Wodi be yewoatia ame si kpɔ Yesu ƒe dɔwɔwɔwo kple tsitretsitsi teƒe. Wodzidze nu be yewoanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nya sia me, eye esiae nye zi mamlɛtɔ woƒo nu tso nudzidze ŋu le Biblia me. (Psalmo 109:8; Lododowo 16:33) Wotia Matias, si anɔ eme be enɔ ame 70 siwo Yesu dɔ la dome, eye “wobui kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 1:26.

Ŋkeke ewo le Yesu ƒe dzodzo yi dziƒo megbe la, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste Ŋkekenyuia, si nye Yudatɔwo ƒe azã la ɖuɣi ɖo. Nusrɔ̃la siwo ade 120 kpe ta ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Kasia wose nane ƒe ɖiɖi abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene, eye wòxɔ aƒe si me wole la katã me. Wokpɔ nane si le abe dzoƒaɖewo ene la va dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi ɖekaɖeka. Nusrɔ̃lawo katã de asi gbe vovovowo dodo me. Gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye ema wokɔ ɖe wo dzi, abe ale si Yesu do eƒe ŋugbe na wo ene!—Yohanes 14:26.