Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 102

Fia La Nɔ Tedzi Dzi Yi Yerusalem

Fia La Nɔ Tedzi Dzi Yi Yerusalem

MATEO 21:1-11, 14-17 MARKO 11:1-11 LUKA 19:29-44 YOHANES 12:12-19

  • AMEWO TSO ASEYE ESIME YESU YINA YERUSALEM

  • EGBLƆ YERUSALEM ƑE TSƆTSRƆ̃ ŊU NYA ÐI

Le ŋkeke si kplɔe ɖo si nye Kwasiɖagbe, Nisan 9 lia dzi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Betania heɖo ta Yerusalem. Esi wogogo Betfage, si le Amitoa dzi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve be:

“Miyi kɔƒe si kpɔm miele le mia ŋgɔ la me, eye ne mieɖo ko la, miakpɔ tedzi aɖe le ka me, eye tedzivi aɖe le egbɔ. Miɖe ka wo, eye miakplɔ wo vɛ nam. Ne ame aɖe bia nya aɖe mi la, migblɔ be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm.’ Eye enumake aɖo wo ɖa.”—Mateo 21:2, 3.

Nusrɔ̃lawo mede dzesii be nya si Yesu gblɔ na yewo la na Biblia me nyagblɔɖi aɖe va eme o. Gake emegbe wova kpɔe be enye Zakariya ƒe nyagblɔɖi me vava. Egblɔ nɔnɔme si me Fia si ŋugbe Mawu do la ava Yerusalem le la ɖi ale: ‘Ebɔbɔ eɖokui, eye wòdo tedzi, si nye tedzinɔ ƒe vi.’—Zakariya 9:9.

Esi nusrɔ̃lawo yi Betfage eye wonɔ ka ɖem tedzivia kple nɔa la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la bia wo be: “Nu ka tae miele ka ɖem tedzivi la?” (Marko 11:5) Esi nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo be Aƒetɔ lae le wo hiãm la, woɖe mɔ na wo wokplɔ wo yi na Yesu. Nusrɔ̃lawo ɖo woƒe awudziwuiwo ɖe tedzinɔ la kple via dzi, ke Yesu de tedzivi la dzi.

Amehawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi esime Yesu le tedzia dzi ɖo ta Yerusalem. Ame geɖe ɖo woƒe awuwo ɖe mɔa dzi. Ame bubuwo hã “ŋe atilɔwo tso gbe me” ɖo ɖe mɔa dzi. Wonɔ ɣli dom be: “Míeɖe kuku, xɔ nɛ! Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me! Woayra mía fofo David ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la!” (Marko 11:8-10) Nya mawo ku dzi na Farisitɔ siwo nɔ ameha la dome. Wogblɔ na Yesu be: “Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mele egblɔm na mi be, ne ame siawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.”—Luka 19:39, 40.

Esi Yesu kpɔ Yerusalem la, efa avi eye wògblɔ be: “Wò la, ɖe wòle be nànya nu siwo na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi—ke woɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.” Yerusalem akpɔ eƒe tosesẽa ŋuti teƒeɖoɖo. Yesu gblɔe ɖi be: “Wò futɔwo atu ati biɖoebiɖoewo aƒo xlã wò godoo va kpe, woaɖe to ɖe wò eye woaxaxa wò ɖo le goawo katã me. Woatsɔ wò kple viwò siwo le mewò la axlã ɖe anyi, eye womagblẽ kpe ɖe kpe dzi le mewò o.” (Luka 19:42-44) Yesu ƒe nyawo va eme esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ.

Esi Yesu va ɖo Yerusalem la, ‘zi tɔ le du bliboa me, eye amewo nɔ biabiam be: “Ame kae nye esia?”’ Ameha la nɔ gbɔgblɔm be: “Ame siae nye nyagblɔɖila Yesu si tso Nazaret le Galilea!” (Mateo 21:10, 11) Ameha la me tɔ siwo kpɔ Yesu wòfɔ Lazaro ɖe tsitre la gblɔ nukunu ma ŋu nya na ame bubuawo. Farisitɔwo fa konyi be wɔna aɖeke megale yewo ŋu o. Wogblɔ na wo nɔewo be: “Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.”—Yohanes 12:18, 19.

Yesu yi gbedoxɔa me be yeafia nu, abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ne eyi Yerusalem ene. Le afi ma la, eda gbe le ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo ŋu. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ nu siwo wɔm wònɔ hese ɣli si dom ɖeviwo le le gbedoxɔa me be, “Míeɖe kuku, xɔ na David Vi la!” la, dɔme ve wo. Subɔsubɔhakplɔlawo bia Yesu be: “Èle nya si gblɔm wole la sema?” Yesu ɖo eŋu be: “Ðe miexlẽe kpɔ be, ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ oa?”—Mateo 21:15, 16.

Yesu tsa ŋku le nuwo katã dzi godoo le gbedoxɔa me. Esi fiẽsi nɔ ɖoɖom ta la, eya kple eƒe apostoloawo dzo. Hafi Nisan 10 lia naɖo la, egatrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ le Kwasiɖagbe ƒe zã me.