Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 72

Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70 Ða Be Woaɖaɖe Gbeƒã

Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70 Ða Be Woaɖaɖe Gbeƒã

LUKA 10:1-24

  • YESU TIA NUSRƆ̃LA 70 EYE WÒDƆ WO BE WOAÐAÐE GBEƑÃ

Ƒe 32 K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒoe, eye anɔ abe ƒe etɔ̃e nye esia tso esime wonyrɔ Yesu. Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo de Agbadɔŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem eteƒe medidi o. Anɔ eme be wogakpɔtɔ le nutoa me. (Luka 10:38; Yohanes 11:1) Le nyateƒe me la, Yesu nɔ Yudea alo Perea nutoa, si le Yordan-tɔsisia ƒe go kemɛ dzi la me le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ɣleti ade mamlɛawo ƒe akpa gãtɔ me. Ehiã be woaɖe gbeƒã le nuto siawo hã me.

Do ŋgɔ le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu megbe la, Yesu nɔ Yudea ɣleti aɖewo heɖe gbeƒã, eye wòzɔ mɔ to Samaria. Emegbe le ƒe 31 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɣi lɔƒo la, Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem la te kpɔ be yewoawui. Le ƒe ɖeka kple afã si kplɔe ɖo me la, Yesu fia nu le Galilea nutoa koŋ me le dziehe ɖaa. Ame geɖe va zu eyomedzelawo le ɣeyiɣi mawo me. Le Galilea la, Yesu na hehe eƒe apostolowo eye wòdɔ wo ɖa hegblɔ na wo be: “Miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’” (Mateo 10:5-7) Azɔ ewɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe ŋu le Yudea.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la 70 hedɔ wo eveveve tsɔ dze gbeƒãɖeɖedɔ sia gɔme. Eya ta wo katã wonye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 siwo awɔ dɔ le anyigbamama ma si me “nuŋeŋe la sɔ gbɔ [evɔ] dɔwɔlawo ya mede ha o” la me. (Luka 10:2) Yesu dɔ wo ɖo ɖe eŋgɔ be woaɖaɖe gbeƒã le teƒe siwo to ge eya ŋutɔ gbɔna. Ele be ame 70-awo nada gbe le dɔnɔwo ŋu ahaɖe gbeƒã gbedeasi si Yesu ŋutɔ hã le gbeƒã ɖemee.

Menye ƒuƒoƒeawo koŋue nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã le o. Yesu gblɔ na wo be woayi amewo ƒe aƒewo me. Egblɔ na wo be: “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã la, migblɔ be: ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ Eye ne ŋutifafalɔ̃la aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi.” Nu kae nye woƒe gbedeasia? Yesu gblɔ be: “Migblɔ na wo be: ‘Mawu Fiaɖuƒe la gogo mi.’”—Luka 10:5-9.

Mɔfiame siwo Yesu na ame 70-awo la ɖi esiwo wòna apostolo 12-awo anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ esime wòdɔ wo. Ena wonya be menye ame sia amee axɔ wo nyuie o. Gake dɔ si woawɔ la adzra ame siwo aɖo to la ƒe dziwo ɖo, ale be ne Yesu va ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame geɖewo adi vevie be yewoado go Aƒetɔ la ahasrɔ̃ nu tso egbɔ.

Eteƒe medidi hafi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 la trɔ gbɔ va Yesu gbɔ o. Wova gblɔ nɛ dzidzɔtɔe be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta mí ne míeyɔ wò ŋkɔ la.” Nyatakaka nyui ma dzɔ dzi na Yesu, elabena egblɔ be: “Mekpɔ Satana wòge xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo. Kpɔ ɖa! Mena ŋusẽ mi be miaɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi.”—Luka 10:17-19.

Yesu to kpɔɖeŋunya si wògblɔ be ye yomedzelawo aɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi la  dzi nɔ kakam ɖe edzi na wo be woaɖu nu siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu hafi la dzi. Gawu la, woate ŋu aka ɖe edzi be le etsɔme la, Satana age tso dziƒo. Azɔ hã, Yesu he ame 70-awo ƒe susu yi nu si gale vevie wu la dzi esi wògblɔ na wo be: “Migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.”—Luka 10:20.

Dzi dzɔ Yesu vevie eye wòkafu Fofoa le gaglãgbe ɖe ale si wòto esubɔla tsɛ siawo dzi wɔ nukudɔ mawo ta. Etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe ŋku le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. Elabena mele egblɔm na mi be, nyagblɔɖila kple fia geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o, eye wodi be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.”—Luka 10:23, 24.