Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 49

Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo

Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo

MATEO 9:35–10:15 MARKO 6:6-11 LUKA 9:1-5

  • YESU GAÐE GBEƑÃ LE GALILEA NUTOA ME

  • EDƆ APOSTOLOAWO BE WOAÐAÐE GBEƑÃ

Anɔ abe ƒe evee nye esia Yesu le gbeƒã ɖem kple ŋkubiã. Ðe wòaɖe dzi ɖi azɔ ahaɖe eƒe dɔa dzi akpɔtɔa? Kura o, ke boŋ Yesu dzi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi eye wòyi “ɖato [Galilea] duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.” (Mateo 9:35) Nu siwo wòde dzesii la na wòkpɔ ale si gbegbe wòhiã be wòadzi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi. Gake aleke wòawɔ esiae?

Le Yesu ƒe mɔzɔzɔa me la, ekpɔ ale si amewo hiã gbɔgbɔmegbedada kple akɔfafae. Wole abe alẽ siwo kplɔla meli na o, siwo wowɔ fui heka wo hlẽ la ene. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—Mateo 9:37, 38.

Yesu nya nu si wòawɔ. Eyɔ eƒe apostolo 12-awo eye wòma wo eveveve wonye gbeƒãɖelawo ƒe ha ade. Eyome ena mɔfiame si me kɔ la wo be: “Migayi dukɔwo me tɔwo gbɔ o, eye migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o; ke miyi ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ siwo bú la, ɖeɖe ko gbɔ. Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’”—Mateo 10:5-7.

Fiaɖuƒe si ŋu woaɖe gbeƒã le lae nye esi ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me. ‘Fiaɖuƒe la gogo,’ le gɔmesesea nu be Yesu Kristo, ame si nye Fia si Mawu tia la nɔ anyi ɣemaɣi. Ke nu kae aɖee afia be eƒe nusrɔ̃lawo nye Fiaɖuƒe  sia teƒenɔlawo vavã? Yesu na ŋusẽ wo be woada gbe le dɔnɔwo ŋu eye woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre ga maxɔmaxɔe. Gake aleke apostoloawo awɔ akpɔ woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo, abe nuɖuɖu ene gbɔ?

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be womegatsɔ nuzazãwo ɖe asi hena gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ sia o. Egblɔ be womegatsɔ sika, klosalo, alo akɔbli de woƒe gakploviwo me o. Mahiã gɔ̃ hã be woatsɔ akplo si me woade nuɖuɖui, alo atsɔ awutewuiwo alo afɔkpa bubuwo ɖe asi o. Nu ka tae? Yesu gblɔ na wo be: “Dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.” (Mateo 10:10) Ame siwo nusrɔ̃lawo ado goe, siwo axɔ woƒe gbedeasia la akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Yesu gblɔ be: “Ne mieyi du aɖe me la, minɔ aƒe si me miedze la me va se ɖe esime miadzo le dua me.”—Marko 6:10.

Azɔ hã Yesu na mɔfiamewo ku ɖe ale si woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ame siwo woatu le aƒewo me ŋu. Egblɔ be: “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na aƒea me tɔwo. Eye ne aƒea dze la, ekema ŋutifafa si miedi nɛ la nava edzi, ke ne medze o la, miaƒe ŋutifafa negbugbɔ va mia dzi. Afi sia afi si ame aɖe mexɔ mi alo ɖo to miaƒe nyawo le o la, ne miele dzodzom le aƒe ma alo du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi.”—Mateo 10:12-14.

Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be du alo kɔƒe blibo aɖe nagbe woƒe gbedeasia sese. Nu kae adzɔ ɖe du alo kɔƒe ma dzi? Yesu ɖee fia be toheʋɔnu sesẽ ava edzi. Egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomora nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ale si wòanɔ na du ma.”—Mateo 10:15.