Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 8

Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ

Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ

“Miele aseye tsom le esia ta, togbɔ be ne ehiã la, tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na mi fifia vie hã.”—1 Petro 1:6

Aleke kee mieɖadze agbagba be yewoƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔe o, nanewo ate ŋu adzɔ le vo me siwo ana be dzidzɔkpɔkpɔ nabu ɖe mi. (Nyagblɔla 9:11) Mawu naa kpekpeɖeŋu mí lɔlɔ̃tɔe ne míeɖo xaxawo me. Ne miewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siawo dzi la, wò kple wò ƒomea miate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã nu.

1 MIÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU

NYA SI BIBLIA GBLƆ: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’ (1 Petro 5:7) Nenɔ susu me na mi ɣesiaɣi be menye Mawu gbɔe miaƒe fukpekpewo tsona o. (Yakobo 1:13) Ne miete ɖe Mawu ŋu la, akpe ɖe mia ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. (Yesaya 41:10) “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.”​—Psalmo 62:9.

Miakpɔ akɔfafa ne miexlẽa Biblia eye miesrɔ̃a emenyawo gbe sia gbe. Miava kpɔe be Yehowa “faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (2 Korintotɔwo 1:3, 4; Romatɔwo 15:4) Edo ŋugbe be yeana “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” la mí.​—Filipitɔwo 4:6, 7, 13.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Mido gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe mia ŋu miaƒe susu me nadze akɔ anyi ale be miabu nuwo ŋu nyuie

  • Mida tiatia vovovowo kpɔ ne miawɔ tiatia nyuitɔ

2 LÉ BE NA ÐOKUIWÒ KPLE WÒ ƑOMEA

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.” (Lododowo 18:15) Ku nyawo me nyuie. Dze agbagba nànya nu si me ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe tsɔ ɖe le. Ðo dze kpli wo. Lé to ɖe woƒe nyawo ŋu.​—Lododowo 20:5.

Ke ne wò ame vevi aɖee ku ya ɖe? Ðe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me fia faa. Ðo ŋku edzi be Yesu gɔ̃ hã fa avi. (Yohanes 11:35; Nyagblɔla 3:4) Alɔ̃dɔdɔ nyuie kple ɖiɖiɖeme le vevie. (Nyagblɔla 4:6) Esia ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Hafi nya vɔ̃ aɖe nadzɔ la, nenye numame na wò be nanɔ dze ɖom kple wò ƒomea me tɔwo. Esia awɔe be ne kuxiwo do mo ɖa la, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo dze tso eŋu kpli wò

  • Ðo dze kple ame bubu siwo hã to nɔnɔme sia tɔgbi me kpɔ

3 NA WOAKPE ÐE ŊUWÒ

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Xɔ̃wòwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò, gake ate ŋu adzɔ be womanya nu si tututu woawɔ o. Gblɔ kpekpeɖeŋu si tututu nèhiã la na wo. (Lododowo 12:25) Di kpekpeɖeŋu tso ame siwo se Biblia gɔme nyuie hã gbɔ. Biblia me mɔfiame siwo woana wò la aɖe vi na wò.​—Yakobo 5:14.

Àkpɔ kpekpeɖeŋu siwo nèhiã ne èdea ha edziedzi kple ame siwo xɔ Mawu dzi se vavã eye woɖoa ŋu ɖe eƒe ŋugbedodowo ŋu. Wò dzi hã adze eme ale gbegbe ne èkpena ɖe ame siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu. Gblɔ ale si nèxɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se la na wo. Do vevie nu nàkpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu eye mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso ame siwo lɔ̃ wò hetsɔa ɖe le eme na wò la gbɔ o.​—Lododowo 18:1; 1 Korintotɔwo 15:58.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Ðo dze kple xɔ̃wò vevi aɖe eye nàna wòakpe ɖe ŋuwò

  • Gblɔ nu si tututu nèhiã na xɔ̃wòa